Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

JW BROADCASTING

Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi​—JW Broadcasting (Roku)

Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi​—JW Broadcasting (Roku)
NEƲU   NETU

Anye be nya siwo nèŋlɔ tsɔ le edim la mede o. Xlẽ JW Nyakakadɔwɔƒe Dada Ðe Mɔ̃ Dzi ŋuti mɔfiamewo. Ate ŋu adzɔ hã be womekpɔ wɔ esi awɔ dɔ le wò mɔ̃a dzi haɖe o. JW Nyakakadɔwɔƒe wɔa dɔ le Roku 1, Roku 2, Roku 3 kple Roku Streaming Stick dzi.

 

Kpɔ gbegbɔgblɔ vovovo siwo me nàte ŋu akpɔ míaƒe wɔnawo le le Roku dzi. Be nàkpɔ wɔnawo le gbe bubu me la, yi Settings le wò mɔ̃a dzi eye nàzã Select a Language nàtsɔ atrɔ gbegbɔgblɔa.

 

JW Nyakakadɔwɔƒe ƒe dɔwɔnua ƒe kɔpi wɔwɔ kple ezazã mexɔa ga aɖeke o.

 

Wobiaa gadzraɖoƒe ƒe xexlẽdzesi hafi nàte ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖe Roku ƒe nyatakakadzraɖoƒea, elabe ɖe wodzraa nu siwo le Roku Channel Store la dometɔ aɖewo. Woabia tso asiwò be nàxe fe ɖe nu siwo nàdi be yeaƒle la ta. Ne èdi nyatakaka bubuwo la, yi Roku ƒe kpekpeɖeŋunaƒe.

 

Xɔ̃wò aɖe si nya nu tso Roku dɔwɔnua alo JW Nyakakadɔwɔƒea zazã ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Ne nyabiasea ku ɖe wò Roku dɔwɔnua alo ŋkɔŋɔŋlɔ ɖe Roku nyatakakadzraɖoƒea ŋu la, xlẽ Roku-zazã ŋuti mɔfiamewo le internet dzi.Ne èle go dom kuxi aɖe le JW Nyakakadɔwɔƒea zazã me la, kpe internet dzi kpekpeɖeŋu ƒe aɖaka sia ɖo.