Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

JW.ORG NYATAKAKADZRAÐOƑEA

Ale Si Nàʋu JW.ORG Le Asitelefon Alo Tablɛt Dzi

Ale Si Nàʋu JW.ORG Le Asitelefon Alo Tablɛt Dzi

Àte ŋu akpɔ nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa siwo katã dzena le kɔmpiuta dzi la le asitelefon deŋgɔwo kple tablɛtwo hã dzi. Ke hã, ale si woɖo edzinuwo ɖe asitelefon deŋgɔwo kple tablɛtwo dzi la to vovovo kple susu be wo zazã nanɔ bɔbɔe. Mɔfiame siwo le nyati sia me la akpe ɖe ŋuwò ne èle nu dim le jw.org dzi.

 Nuwo Ʋuʋu Le Asitelefon Kple Tablɛtwo Dzi

Ne èʋu dɔwɔnua gbadza la, eƒe akpawo dzena le etame eye nuwo ƒe hatsotso siwo le akpa ɖe sia ɖe te la dzena le axadzi le miame.

Gake le asitelefon kple tablɛt siwo ƒe ŋkume mekeke o dzi la, akpawo ɖona ɖe wo nɔewo te tso dzi va anyime. Hatsotsoawo hã ɖona ɖe wo nɔewo te nenema ke. Eye ne womele emenuwo zãm o la, wonɔa ɣaɣla ale be nyatakakadzraɖoƒea dzi nu geɖewo nate ŋu adze.

  • Zi Akpawo Nedze ƒe dzesi sia dzi ale be nàkpɔ akpa vovovoawo. Zi akpa aɖe dzi ne wòaʋu akpa ma na wò.

  • Zi Hatsotsoawo Nedze ƒe dzesi sia dzi ale be nàkpɔ hatsotso siwo le akpa si nèʋu la te. Zi hatsotso si nèdi la ƒe ŋkɔ dzi ale be wòaʋu afi si hatsotso ma me nuwo le la na wò.

  • Zi Hatsotsoawo Neɣla ƒe dzesi sia dzi ale be wòaɣla hatsotso siwo le akpa ma te la.

  • Zi JW.ORG dzesi sia dzi ne wòatrɔ ayi gɔmedzeƒea.

  • Zi Gbetiaƒe ƒe dzesi sia dzi ale be gbe vovovo siwo li la nadze.

  • Zi Dii ƒe dzesi sia dzi ale be nàdi nuwo le nyatakakadzraɖoƒea.

 Agbalẽwo Me Nyatiwo Kple Tawo Ʋuʋu

Ne èkeke dɔwɔnua gbadza la, emenyawo katã anɔ dzedzem ne èle agbalẽ aɖe me nyati alo eƒe ta aɖe xlẽm. Gake le asitelefon kple tablɛt siwo ƒe ŋkume mekeke o dzi la, emenyawo medzena o.

  • Zi Emenyawo Nedze ƒe dzesi sia dzi ne emenyawo nadze. Zi tanya aɖe dzi ale be nyatia alo ta la me nyawo nadze.

  • Zi Megbe ƒe dzesi sia dzi ale be wòaʋu nyati alo ta si do ŋgɔ la na wò.

  • Zi Ŋgɔgbe ƒe dzesi sia dzi ale be wòaʋu nyati alo ta si kplɔe ɖo la na wò.

  • Zi Emenyawo Neɣla ƒe dzesi sia dzi ne emenyawo naɣla ale be nàte ŋu axlẽ nyati alo ta si nèʋu la..

 Biblia Si Le Internet Dzi Ʋuʋu

Yi AGBALẼWO > BIBLIA eye nàzi Xlẽe Le Internet Dzi ƒe kpevia dzi. Alo zi Xlẽ Biblia Le Internet Dzi ƒe kadodo si le gɔmedzeƒea dzi.

Le Biblia-ʋuƒe ƒe ʋuƒo sia dzi la, tia Biblia-gbalẽ aɖe eye nàtia ta aɖe le aɖakavia me eye nàzi Dii dzi.

Ne èle ehem le gɔme yim la, Biblia-ʋuƒe ƒe ʋuƒoa va léna ɖe Akpawo Ƒe Ʋuƒo si dzi nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpawo ƒe ŋkɔwo dzena le la ŋu ale be nàte ŋu aʋu ta bubu bɔbɔe.

  • Zi Ðee Le Eŋu ƒe dzesi sia dzi ale be Biblia-ʋuƒe Ƒe Ʋuƒo la naɖe ɖa le Akpawo Ƒe Ʋuƒo la ŋu. Esia wɔnɛ be mɔ geɖe tea ŋu nɔa anyi eye Biblia me nyawo dzena nyuie. Ne èdi be yeaʋu ta bubu la, gbã ele be nàhe axa si nèle la ayi etame alo gɔme.

  • Zi Lée Ðe Eŋu ƒe dzesi sia dzi ne Biblia-ʋuƒe Ƒe Ʋuƒoa nalé ɖe Akpawo Ƒe Ʋuƒo la ŋu.

  • Zi Emenuwo Nedze ƒe dzesi sia dzi ne Biblia me nuwo, siwo dometɔ aɖewoe nye nyati siwo le Biblia ƒe gɔmedzedze kple megbenyawo me la nadze.

  • Zi Megbe ƒe dzesi sia dzi ale be ta si do ŋgɔ nadze.

  • Zi Ŋgɔgbe ƒe dzesi sia dzi ale be ta si kplɔe ɖo nadze.

  • Zi Emenuwo Neɣla ƒe dzesi sia dzi ne Biblia me nuwo naɣla.

 Nyati Siwo Woxlẽ Ƒe Odiowo Sese

Ne nyati si xlẽm nèle ƒe odio li la, Odioƒonu Ƒe Ʋuƒoa adze.

  • Zi Ƒoe dzi ne wòaƒoe na wò.

  • Zi Tɔ Gbɔ dzi ne wòatɔ te eƒoƒo gbɔ. Gazi Ƒoe dzi ake ne wòagadze eƒoƒo gɔme.

  • He kpevi nogoe si le odioƒonua te yi megbe alo ŋgɔ ne wòaƒo odioa ƒe akpa bubu.

Ne èdze odio aɖe ƒoƒo gɔme eye nèhe nyatia yi gɔme la Odioƒonu Ƒe Ʋuƒo la va léna ɖe Akpawo Ƒe Ʋuƒo la ŋu. Esia wɔnɛ be àte ŋu atɔ odio la gbɔ hafi agayi edzi evɔ nyatia ƒe akpa si nèva ɖo mabu na wò o.