Dzo kpo yi emenuwo dzi

NOVEMBER 5, 2013
ARMENIA

Armenia Dziɖuɖua Wɔ Ðoɖo Be Amewo Nawɔ Dukɔmevidɔ Siwo Menye Asrafodɔ O

Armenia Dziɖuɖua Wɔ Ðoɖo Be Amewo Nawɔ Dukɔmevidɔ Siwo Menye Asrafodɔ O

Edze abe Armenia dziɖuɖua ɖoe be yeade bubu ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ƒe gomenɔamesiwo ŋu azɔ ene. Le October 23, 2013 dzi la, Armenia Dukɔa Ƒe Dɔwɔha bia gbe Yehowa Ðasefo 90 kple edzivɔ siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la eye wòda asi ɖe wo dometɔ 51 ƒe biabiawo dzi be woakpɔ gome le ɖoɖo yeye si wowɔ be woawɔ dukɔmevidɔ bubuwo ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe la me (Dɔwɔhaa alé ŋku ɖe ame susɔeawo hã ƒe biabiawo ŋu emegbe). Eye Dɔwɔhaa gayi Erebuni Gaxɔ hã me, eye wòda asi ɖe Ðasefo 20 siwo le gaxɔa me dometɔ 6 ƒe biabiawo dzi be woate ŋu awɔ dɔ bubuwo ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe. Woɖe asi le gaxɔmenɔla ade mawo ŋu le October 24, 2013 dzi. Dɔwɔhaa alé ŋku ɖe gamenɔla susɔe siwo bia be yewoawɔ dukɔmevidɔ bubuwo ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe la ƒe biabiawo ŋu, eye wole mɔ kpɔm be woaɖe asi le wo ŋu kpuie.

Ðoɖo Yeye

Tɔtrɔ yeye siawo dze egɔme le June 8, 2013 dzi, esime Armenia dziɖuɖua ɖo Armenia Dɔ Bubu Wɔwɔ Ðe Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Teƒe Ƒe Se anyi le ɖekawɔwɔ me kple Europatɔwo ƒe ɖoɖowo, eye wòda asi ɖe edzi ale be ɖoɖoa te dɔwɔwɔ tso July 25, 2013 dzi. Armenia dukplɔla he susu yi sedede sia dzi nyitsɔ laa esi wònɔ nu ƒom le Europa Adaŋudeha ƒe Sewɔƒe la le October 2, 2013 dzi esi wògblɔ be: “Le míaƒe sea nu la, womagabu ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la be wonye nu vlo wɔlawo o.” Le October 3, 2013 dzi la, Armenia dziɖuɖua ɖoe be yeaɖe ɣleti ade le ɣeyiɣi si woka na ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ be woanɔ ga me la me. Esia wɔe be woɖe asi le Ðasefo enyi aɖewo ŋu le October 8 kple 9, 2013 dzi.

Ðoɖo yeye si wowɔ be ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta nawɔ dukɔmevidɔ bubuwo ɖe asrafodɔ teƒe la na mɔnukpɔkpɔ ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta be woawɔ dɔ siwo ade woƒe dukɔmeviwo dzi evɔ maɖe fu na woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee o. Meganye Armenia Ƒe Asrafowoe le ɖoɖo sia dzi kpɔm o, ke boŋ dukɔmevi dzrowoe. Ðoɖo sia bia be woawɔ dɔ ɣleti 36, gaƒoƒo 48 kwasiɖa sia kwasiɖa, eye woana ŋkeke 10 ƒe mɔkeke dɔawo wɔlawo le ƒea me. Wona dɔ ame siwo bia be yewoakpɔ gome le ɖoɖo sia me la le teƒe siwo medidi tso woƒe aƒewo gbɔ o, eye dɔawo medo ƒome kple asrafodɔ aɖeke hã o.

Ale Si Nyawo Yi Ʋuu Hafi Wova Wɔ Ðoɖo Yeye Sia

Esi Armenia ɖo Europa Aɖaŋudeha me le ƒe 2001 me la, esia bia tso esi be wòawɔ dɔ bubuwo wɔwɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo na ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta eye wòaɖe asi le ame siwo wolé de ga la ŋu abe ale si wobia tso Adaŋudeha sia me tɔ yeyewo si ene. Togbɔ be Armenia dziɖuɖua do ŋugbe be yeawɔe hã la, eyi edzi nɔ ɖekakpui Ðasefowo lém de ga.

Le ƒe 20 siwo va yi me la, wolé Yehowa Ðasefo 450 de ga ɣeyiɣi didi aɖe, eye wonɔa nɔnɔme madeamedziwo me eye wosẽa ŋuta le wo ŋu zi geɖe.

Mɔkpɔkpɔ vi aɖe su ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la si esi Armenia Dɔ Bubu Wɔwɔ Ðe Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Teƒe Ƒe Se la te dɔwɔwɔ tso July 1, 2004 dzi. Gake esi wodze ɖoɖoa gɔme la, asrafowo ƒe dzikpɔkpɔ tee wònɔ eye wowɔe hã wònye tohehe na asrafo ƒe hehexɔxɔ gbelawo. Aɖaŋudehaa hea susu yia edzi enuenu be ɖoɖoa mewɔ ɖeka kple Europa ƒe ɖoɖowo o. Le kpɔɖeŋu me, Europa Adaŋudeha ƒe Sewɔƒe gblɔ le eƒe Nyametsotso 1532 (2007) me be “yewotsi dzi vevie ɖe ale si womewɔ dukɔmevidɔ bubuwo wɔwɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo vavã aɖeke na dukɔmeviwo o la ŋu, elabe woléa ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ gbogbo aɖewo dea ga, eye wo dometɔ akpa gãtɔ nye Yehowa Ðasefowo, elabe wotiae be yewoayi ga me tsɔ wu be yewoawɔ dukɔmevidɔ siwo le asrafowo ƒe dzikpɔkpɔ te.”

Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti hã tsi dzi vevie ɖe ale si wole Ðasefowo lém de ga le esi wogbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ta. Kɔmitia ɖe nyametsotso sia ɖe go le eƒe takpekpe 105 lia (2012) me be:

“Ele be dziɖuɖua nawɔ dukɔmevidɔ bubuwo wɔwɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo vavã na dumeviwo, siwo manɔ asrafowo ƒe dzikpɔkpɔ te o, eye wòaɖe mɔ dukɔmevi ɖe sia ɖe si gbe be yemaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la nakpɔ gome le eme faa, womawɔe wòanye tohehe na ame siawo o, manye ameŋkumekpɔkpɔ hã o, mazã ga na wo loo alo axɔ ɣeyiɣi didi akpa hã o. Ele be dziɖuɖua naɖe asi le ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o alo esiwo gbe be yewomakpɔ gome le dukɔmevidɔ bubuwo ƒe ɖoɖo si li fifia me o siwo katã wolé de ga la ŋu.”

Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea Na Gbɔdzɔe Wo

Esi Vahan Bayatyan kple ɖekakpui Ðasefo eve bubu aɖewo kpɔe be Armenia ʋɔnudrɔ̃ƒewo makpɔ yewoƒe nyawo gbɔ na yewo o la, wotsɔ woƒe nya la yi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe. Aƒetɔ Bayatyan ƒe nya la gbɔ kpɔkpɔ na nyawo trɔ kura le July 7, 2011 dzi esime Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe Ʋɔnudrɔ̃la Kɔkɔtɔwo ƒe akpa gãtɔ tso nya me wòde Bayatyan dzi. Esiae nye zi gbãtɔ Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be Europa Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe sewo kpɔa ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la ta. *

Ame siwo tsɔ woƒe nya yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea nyitsɔ laa eye ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me wòde ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la dzi: Vahan Bayatyan, Hayk Bukharatyan, Ashot Tsaturyan.

Armenia dziɖuɖua do toku Ʋɔnudrɔ̃la Kɔkɔtɔwo ƒe nyametsotso le Bayatyan Kple Armenia ƒe nya la me, eye wòna wotsɔ nya ɖe ɖekakpui Ðasefo 29 siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ŋu hebu fɔ wo; wode wo dometɔ 23 ga me. Tso July 2011 va se ɖe October 2013 me la, ne wotsɔ ƒe siwo ɖekakpui 86 aɖewo tsɔ nɔ ga me le Armenia gaxɔwo me ƒo ƒu la, ede ƒe 168 sɔŋ. Wo dometɔ aɖewo gatsɔ wo léle de ga madzemadzee ƒe nya siawo hã yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea.

Kuxi Siwo Gbɔ Womekpɔ O

Ame siwo wolé de ga le esi wogbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta eye wowu woƒe gamenɔnɔa nu kple wo dometɔ siwo ŋu woɖe asi le le October 2013 me la le mɔ kpɔm be woatutu dziɖuɖu ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe yewo ŋu be nu vlo wɔlawoe yewonye la ɖa. Esia wɔ ɖeka kple asitɔtrɔ aɖewo siwo Armenia dziɖuɖua wɔ nyitsɔ laa ku ɖe se siwo ku ɖe nu vlo wɔwɔ ŋu la ŋu. Nu bubu si ŋu wogatsi dzi ɖoe nye nenye be dziɖuɖua alɔ̃ axe fe na ame siwo wolé de ga le Bayatyan ƒe nyaa dɔdrɔ̃ megbe.

Ame aɖeke mekpɔ nya ale si tututu nɔnɔmeawo anɔ ne Armenia wɔ ɖe eƒe ɖoɖo yeye si wòde to me la dzi bliboe o. Gake edze abe Armenia dziɖuɖua le agbagba dzem fifia be yeade bubu ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta ƒe gomenɔamesiwo ŋu ene.

Avu Siwo Wowɔ Ʋuu Hafi Woɖo Dukɔmevidɔ Bubuwo Ðe Asrafo Ƒe Hehe Teƒe Ƒe Ðoɖoa Anyi

Ɣeyiɣiawo

Nudzɔdzɔawo

Ƒe 2001

Armenia va zu Europa Aɖaŋudeha me tɔ eye esia bia tso esi be wòawɔ dukɔmevidɔ bubuwo ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo si sɔ na dukɔmeviwo

Ƒe 2004

Dukɔmevidɔ Bubuwo Wɔwɔ Ðe Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Teƒe ƒe ɖoɖoa te dɔwɔwɔ, gake asrafowo ƒe dzikpɔkpɔ tee ɖoɖo sia le eye mesɔ na Yehowa Ðasefowo o

Ƒe 2006

Wotrɔ asi le Dukɔmevidɔ Bubuwo Wɔwɔ Ðe Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Teƒe ƒe ɖoɖoa ŋu, eye wode se aɖewo le eme siwo nye tohehe na ame siwo tiae be yewoakpɔ gome le ɖoɖo sia me, esiawo hã menye dukɔmevidɔ vavã siwo Yehowa Ðasefowo alɔ̃ be yewoawɔ o

Ƒe 2011

Le Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe Ʋɔnudrɔ̃la Kɔkɔtɔwo ƒe nyametsotso 16-1 le Bayatyan Kple Armenia ƒe nyaa me la, Ʋɔnudrɔ̃la Kɔkɔtɔawo kpɔe be dziɖuɖua tu afɔkpo dukɔmeviwo ƒe dzitsinya ƒe ablɔɖe, eye mekpɔ ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la ta o

Ƒe 2012

Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Armenia dziɖuɖua le nyadɔdrɔ̃ eve me ku ɖe ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta ƒe ablɔɖe ŋu: Bukharatyan Kple Armenia kpakple Tsaturyan Kple Armenia

Ƒe 2013

Le June 8 dzi la, ɖoɖo yeyea te dɔwɔwɔ, wode asi se si na wòte dɔwɔwɔ la te le July 25 dzi, eye ɖoɖo sia ya nye dukɔmevidɔ vavã

Le October 8 kple 9 dzi la, Armenia ɖe asi le gamenɔla enyi aɖewo siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ŋu

Le October 23 dzi la, Dukɔa Ƒe Dɔwɔhaa da asi ɖe Yehowa Ðasefo 57 siwo bia be yewoawɔ dukɔmevidɔ bubuwo ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe la ƒe biabiawo dzi, tsɔ kpe ɖe Yehowa Ðasefo 20 siwo gakpɔtɔ le ga me le Armenia la dometɔ 6 ƒe biabiawo ŋu

Le October 24 dzi la, Armenia dziɖuɖua ɖe asi le Ðasefo siwo le ga me le Erebuni Gaxɔ me la dometɔ 6 ŋu

^ mm. 12 Kpɔ Erçep Kple Turkey, 43965/04, 22 November 2011; Bukharatyan Kple Armenia, 37819/03, 10 January 2012; Tsaturyan Kple Armenia, 37821/03, 10 January 2012; Feti Demirtaş Kple Turkey, 5260/07, 17 January 2012.