Dzo kpo yi emenuwo dzi

OCTOBER (KELE) 7, 2015
AUSTRIA

Wowɔ Ŋkuɖodzikpe Aɖe Tsɔ Ðo Ŋku Ðasefo Austriatɔ Aɖe Si Nazitɔwo Wu Dzi, Nutodzikpɔla Ƒe Nuƒo Vevi

Wowɔ Ŋkuɖodzikpe Aɖe Tsɔ Ðo Ŋku Ðasefo Austriatɔ Aɖe Si Nazitɔwo Wu Dzi, Nutodzikpɔla Ƒe Nuƒo Vevi

Vienna ƒe nuto si nye Meidling dzi kpɔla Gabriele Votava le nuƒo si me wòɖe nu le ŋkuɖodzikpea dzi le la ƒom.

VIENNA​—Le May (Damɛ) 13, 2015 dzi la, ame 400 aɖewo de wɔna aɖe si me woɖe nu le ŋkuɖodzikpe aɖe dzi le. Wowɔ ŋkuɖodzikpe sia tsɔ ɖo ŋku Gerhard Steinacher, si nye Yehowa Ðasefo aɖe si Nazitɔwo wu ƒe 75 aɖewoe nye esia esi wògbe be yemaɖo Germania-ʋakɔa me o la dzi. Dukɔa ƒe fiadu Vienna ƒe nuto si nye Meidling dzi kpɔla Gabriele Votava ƒo nuƒo vevi aɖe eye wòɖe nu le ŋkuɖodzikpe si woklã ɖe Steinacher ƒomea ƒe aƒe tsãtɔ si le Meidling le Vienna le Lägenfeldgasse 68 ƒe mɔnu.

Wɔnaa ƒe tanyae nye “Nyemate ŋu ada tu o.” Nya siae aƒetɔ Steinacher gblɔ esime wònɔ biabiam be woakpɔ nublanui na ye. Nya ʋɛ mawo ɖe nu geɖe fia tso Kristotɔwo ƒe dzixɔse siwo me aƒetɔ Steinacher lé ɖe asi vevie la ŋu, esiawo dometɔ ɖekae nye nya si Yesu gblɔ le Mateo 19:19 be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”

Esrɔ̃a Biblia tso eƒe ɖevime ke. Esi wòxɔ ƒe 17 la, etiae be yeazu Yehowa Ðasefo. Le September (Anyɔnyɔ) 15, 1939 dzi la, wolé aƒetɔ Steinacher le esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o le dzitsinya ta kple ale si wògbe be yemaka atam be yeawɔ nuteƒe na Hitler o la ta. Esi wolé aƒetɔ Steinacher de ga kwasiɖa ade le Vienna megbe la, wokplɔe yi Moabit-gaxɔ me le Berlin le Germany ale be wòanɔ afi ma va se ɖe esime woadrɔ̃ ʋɔnui.

November (Adeɛmekpɔxe)  11, 1939 dzie wodze aƒetɔ Steinacher ƒe nya la dɔdrɔ̃ gɔme eye wotsɔ nya ɖe eŋu be ele kuvia dem lãme na amewo be womegawɔ aʋa la o eye wotso kufia nɛ. Eƒo koko na wo be woakpɔ nublanui na ye elabe yeƒe mawudzixɔsewo tae yegbe ɖo. Gake le March (Tedoxe) 2, 1940 dzi la, Reichskriegsgericht (Nazi Dziɖuɖua Ƒe Asrafoʋɔnudrɔ̃ƒe) da asi ɖe kufia si wotso nɛ la dzi. Le kwasiɖa ene megbe, le March (Tedoxe) 30 dzi la, wowu aƒetɔ Steinacher kple ametatsomɔ̃ le Plötzensee-gaxɔ dziŋɔ si le Berlin la me. Exɔ ƒe 19.

Esi woɖe nu le ŋkuɖodzikpea dzi megbe la, wɔnaa ƒe akpa susɔea yi edzi le Volkshochschule Fefewɔƒe si medidi tso afi ma o. Nu siwo yi edzi le afi ma la dometɔ aɖee nye Steinacher ƒomea ƒe ŋutinyamenudzɔdzɔwo ɖeɖe fia. Le ɖeɖefia ɖeka me la, woɖe aɖakavi aɖe si ŋu wova ke ɖo le ƒe 1976 me la fia. Lɛta 28 siwo aƒetɔ Ignatz kple Luise Steinacher ɖo ɖe wo viŋutsua la le aɖakavi sia me. Eye nyuidinamegbalẽvi 25 kple lɛta siwo Gerhard hã ŋlɔ tsɔ fa akɔ na edzilawo heka ɖe edzi na wo be yealé nu siwo dzi yewoxɔ se me ɖe asi goŋgoŋ la hã le aɖakavia me.

Esi Gerhard dada Luise ku le ƒe 1976 me la, wokpɔ aɖakavi sia si me lɛtawo kple nyuidinamegbalẽviwo le la le Steinacher ƒomea ƒe aƒe me.

Wogblɔ le nyati aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Wiener Bezirkszeitung, si wotana le Vienna kwasiɖa sia kwasiɖa me tso nudzɔdzɔ sia ŋu be “ŋkuɖodzi ɖedzesi aɖe ŋutɔe.” Wogblɔ be ŋkuɖodzi sia ɖe aƒetɔ Steinacher ƒe kalẽwɔwɔ tso “viviti me va kekeli me.” Wogakafu aƒetɔ Steinacher le nyatia me be: “Ele klalo be yeaku ɖe yeƒe dzixɔsewo ta​—dzixɔse mawo tututu nue wònɔ agbe ɖo.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Austria: Johann Zimmermann, tel. +43 1 804 53 45

Germania: Wolfram Slupina, tel. +49 6483 41 3110