Dzo kpo yi emenuwo dzi

JULY 21, 2014
AUSTRIA

Wode Bubu Yehowa Ðasefowo Ŋu Le Gusen Fuwɔamegakpɔ Ƒe Ŋkuɖodziƒe La Me

Wode Bubu Yehowa Ðasefowo Ŋu Le Gusen Fuwɔamegakpɔ Ƒe Ŋkuɖodziƒe La Me

SELTERS, Germany (Allemagne)​—Le Kwasiɖa, April 13, 2014 dzi la, woɖe ŋkuɖodzikpe aɖe fia le Gusen Fuwɔamegakpɔ Ƒe Ŋkuɖodziƒe si le Austria (Autriche) la me tsɔ ɖo ŋku Yehowa Ðasefo 450 siwo Nazitɔwo lé de ga le Mauthausen fuwɔamegakpɔ kple eƒe Gusen gakpɔ sue me la dzi. Ame 130 kple edzivɔe va wɔnaa teƒe.

Ŋkuɖodzikpe aɖe si woɖe fia le wɔna aɖe si wowɔ le Gusen Fuwɔamegakpɔ Ƒe Ŋkuɖodziƒe me le April 13, 2014 dzi.

Esi wokplɔ Ðasefoawo va Mauthausen fuwɔamegakpɔa me la, gaxɔa ƒe amegã do ŋɔdzi na wo be: “Biblia Nusrɔ̃vi aɖeke madzo le afi sia agbagbee o.” Aƒetɔ Martin Poetzinger si nɔ ga me le Dachau, Mauthausen kple Gusen hena ƒe asieke eye emegbe wòva zu Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔ le Brooklyn le New York la gblɔ tso esime wònɔ ga me le Mauthausen ŋu be: “Adzamekpovitɔwo wɔ nu sia nu si woate ŋui be yewoana míaƒe xɔse me nagbɔdzɔ.”

May 1945: Gusen Fuwɔamegakpɔ. Martin Poetzinger (nɔ anyi ɖe ŋgɔgbezikpuia dzi, evelia tso miame) ɖe foto sia kple ame 23 siwo tsi agbe la le asiɖeɖe le wo ŋu megbe kpuie.

Wokplɔ Ðasefo siwo le Mauthausen gakpɔa me la dometɔ aɖewo yi Gusen gakpɔ me emegbe. “Amewusaɖa” koŋue Gusen gakpɔ la nye, elabena woɖonɛ koŋ wua amewo le afi ma gbe sia gbe. Ðasefoawo kpena le hatsotso suesuewo me le zã me dzroa Biblia ƒe akpa siwo wolé ɖe susu me la me ale be wòado ŋusẽ woƒe xɔse. Gbe ɖeka Biblia va ka wo si. Woma Biblia la me ɖe akpa vovovo me, eye ne ɖe ɖo ame aɖe gbɔ la eya hã ɖonɛ ɖe nɔvia. Wobena ɖe woƒe abatiwo te xlẽnɛ le vovoɣi vi siwo sua wo si la me.

Ðasefoawo gblɔa Biblia me gbedeasia na amewo hã ŋuɖɔɖotɔe. Ðasefoawo srɔ̃ Biblia kple Polandtɔ atɔ̃ aɖewo esi wonɔ ga me eye woxɔ nyɔnyrɔ le adzame le atigo aɖe si wokpa hena esia wɔwɔ la me. Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Franz Desch gblɔ Biblia me gbedeasia na SS-srafo aɖe eye eya hã va zu Yehowa Ðasefo.

Aƒetɔ Wolfram Slupina, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Austria, gblɔ be: “Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be woɖo ŋku Ðasefo siwo nɔ Mauthausen kple Gusen gakpɔwo me la dzi le woƒe xɔse kple dzinɔameƒo siwo woɖe fia le gakpɔ siawo me ta. Ale si woɖoe kplikpaa be yewoaɖe Kristotɔwo ƒe veveseseɖeamenu kple dɔmenyonyo afia ame sia ame la nye vɔ̃dziɖuɖu si dzi wòle be woaɖo ŋkui ahasrɔ̃.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Austria: Wolfram Slupina, tel. +49 6483 41 3110