Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAY 19, 2015
AZERBAIJAN

Azerbaijan Dziɖuɖua Ðe Gbe Be Womegaɖe Asi Le Nyɔnu Eveawo Ŋu O

Azerbaijan Dziɖuɖua Ðe Gbe Be Womegaɖe Asi Le Nyɔnu Eveawo Ŋu O

Azerbaijan Ƒe Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Dedienɔnɔnyawo Gbɔ ɖe gbe be womegaɖe asi le Yehowa Ðasefo eve siwo wolé de ga do ŋgɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ wo la ŋu o. Ðasefo eve siawo ŋkɔwoe nye Irina Zakharchenko kple Valida Jabrayilova. Le February 17, 2015 dzi la, Dudɔwɔƒe ma tsɔ nya ɖe nyɔnu eve siawo ŋu be wole nu vlo wɔm esi wole Biblia-srɔ̃gbalẽwo mam “mɔɖeɖe si dze” maxɔmaxɔe eye wolé wo de ga ɖe esia ta. Le May 7, 2015 dzi la, Sabail Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe da asi ɖe edzi be nyɔnu siawo nanɔ ga me va se ɖe July 17 dzi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea melɔ̃ ɖe woƒe biabia be woaɖe yewo le ga me ahasika yewo ɖe aƒe me la dzi o. Senyala si ʋlia Ðasefoawo ta bia be woagbugbɔ ŋku alé ɖe nyametsotso madzɔmadzɔ sia ŋu eye wògblɔ kpee be nuwɔna sia ate ŋu agblẽ nu le nyɔnu eve siawo ƒe susu, seselelãme kple lãmesẽ ŋu. Dziɖuɖumegãwo yi edzi le nya gɔme kum tso Ðasefo bubuwo hã ŋu.