Dzo kpo yi emenuwo dzi

DECEMBER (DZOME) 14, 2015
AZERBAIJAN

Azerbaijan Dziɖuɖua Do Toku Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Biabia Be Woaɖe Aƒenɔ Irina Zakharchenko Yi Aƒe Me

Azerbaijan Dziɖuɖua Do Toku Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Biabia Be Woaɖe Aƒenɔ Irina Zakharchenko Yi Aƒe Me

Azerbaijan dziɖuɖua do toku Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmitia ƒe biabia be wòaɖe aƒenɔ Irina Zakharchenko ayi aƒe me alo kɔdzi la. Le December (Dzome) 10, 2015, si nye kwasiɖa ɖeka esi Kɔmitia ƒe biabia va ka dziɖuɖua si megbe dzi la, ʋɔnudrɔ̃la si gbugbɔ le nya drɔ̃m la gbe be yemaɖe asi le eŋu woaɖee ayi aƒe me o. Le ɣleti ewo siwo wòtsɔ nɔ ga me ta la, eƒe lãme gblẽ vevie le nuɖuɖumasuame, alɔ̃tete ame vevie kple fuɖeɖe na ame ƒe susu vevie la ta.

Ʋɔnudrɔ̃la la meda asi ɖe edzi be woaɖe aƒenɔ Valida Jabrayilova kple Ðasefo bubu si wole ʋɔnu drɔ̃mee la yi aƒe me o.

Woayi nya la dɔdrɔ̃ dzi le December (Dzome) 17, 2015 dzi le Baku Pirallahi Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea.