Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAY (DAMƐ) 26, 2014
AZERBAIJAN

Yehowa Ðasefo Siwo Le Azerbaijan Bia Tso Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea Si Be Wòagbugbɔ Nya Adrɔ̃ Na Yewo

Yehowa Ðasefo Siwo Le Azerbaijan Bia Tso Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea Si Be Wòagbugbɔ Nya Adrɔ̃ Na Yewo

Nane dzɔ le Kwasiɖagbe ŋdi esi ame siwo ade 200, siwo nye ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpe hena woƒe mawusubɔsubɔwɔnawo. Wonɔ nuƒo aɖe si wotu ɖe Biblia dzi la sem le xɔ aɖe si le Baku me le Azerbaijan.

Kasia kpovitɔwo gbã ʋɔa ge ɖe wo dzi le xɔa me, eye dziɖuɖudɔwɔla bubuwo kple televisiondɔwɔla siwo lé woƒe videoɖemɔ̃wo ɖe asi hã kplɔ wo ɖo. Kpovitɔawo tɔ te Yehowa Ðasefoawo ƒe subɔsubɔwɔna la, woƒo wo dometɔ geɖewo, woka woƒe teƒea togbɔ be womexɔ mɔɖeɖe aɖeke tso setɔwo gbɔ o hã, wonɔ ame siwo le kpekpea me la dzum, woxɔ woƒe gawo, kɔmpiutawo kple woƒe hamea ƒe agbalẽwo. Kpovitɔwo kplɔ wo dometɔ geɖe yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe eye wonɔ afi ma gaƒoƒo aɖewo hafi wova ɖe asi le wo ŋu. Wolé wo dometɔ ade siwo nye subɔla siwo tso duta la tu ŋkeke geɖewo, emegbe woɖo wo ɖe wo de. Televisiondɔwɔla siwo ɖe nuwɔna sia fia le woƒe television dzi la gblɔ nya manyomanyowo ɖe Ðasefoawo ŋu.

December (Dzome) 24, 2006 ƒe amedzidzedze siae nye nya gbãtɔ si Yehowa Ðasefowo tsɔ yi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe ku ɖe Azerbaijan dziɖuɖua ŋu. Tso ɣemaɣi la, Ðasefoawo gatsɔ mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe me gbegblẽ ŋu nya 18 bubuwo yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea.

NU SI TA WOTSƆ NYAA YI

WO KATÃ

Kpovitɔwo Ƒe Amedzidzedze

5

Mɔxexe Ðe Habɔbɔa Dede Agbalẽ Me Nu

1

Nuƒoƒo Tso Mawudzixɔse Ŋu

2

Mɔxexe Ðe Mawusubɔsubɔgbalẽwo Nu

5

Ameɖoɖo Ðe Wo De

3

Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Gbegbe Le Dzitsinya Ta

3

Wo Katã

19

Nya siwo wotsɔ ɖe Azerbaijan dziɖuɖua ŋu le Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea le January (Dzove) 31, 2014 dzi

Kpɔɖeŋu siwo gbɔna ɖe nu siwo me tom Yehowa Ðasefowo le le Azerbaijan kple senya siwo wotsɔ yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea be woadrɔ̃ na yewo la fia.

  • Mɔxexe Ðe Habɔbɔa Dede Agbalẽ Me Nu

    Wode Yehowa Ðasefowo Ƒe Subɔsubɔha agbalẽ me le se nu zi gbãtɔ le Baku le December (Dzome) 22, 1999 dzi eye wogadee agbalẽ me ake le February (Dzodze) 7, 2002 dzi le Dukɔa Ƒe Kɔmiti Si Kpɔa Subɔsubɔhawo Ƒe Nyawo Gbɔ la gbɔ. Le ƒe 2009 me la, Azerbaijan dziɖuɖua trɔ asi le Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Ŋuti Sewo ŋu eye wòbia tso subɔsubɔhawo katã si be woagbugbɔ woƒe subɔsubɔhawo ade agbalẽ me le se nu le dziɖuɖua gbɔ. Yehowa Ðasefowo Ƒe Subɔsubɔha bia be woade yewoƒe habɔbɔa agbalẽ me, gake Dukɔa Ƒe Kɔmiti gbe hegblɔ be nanewo mede le woƒe biabiagbalẽa me o. Togbɔ be dziɖuɖua mete fli ɖe ƒe 2002 ƒe habɔbɔdede agbalẽ me ƒe ɖoɖoa me o hã la, egbe be yemade Ðasefoawo ƒe habɔbɔa agbalẽ me le se yeyea nu o.

  • Kpovitɔwo Ƒe Fuɖeɖe Na Ame Kple Ameyometiti

    Yehowa Ðasefowo kpena kwasiɖa sia kwasiɖa le woƒe haxɔsetɔwo ƒe aƒewo me wɔa woƒe subɔsubɔwɔnawo. Enuenu la, kpovitɔwo gena ɖe aƒewo me akpasesẽtɔe hegblẽa woƒe subɔsubɔwɔnawo me mɔɖeɖe aɖeke maxɔmaxɔe. Wotu nu kple kpekpeawo valawo nyamanyama eye wolé wo tu ɖe woƒe dɔwɔƒe, eye woxɔ woƒe mawusubɔsubɔgbalẽ siwo zãm wonɔ la le wo si. Wodo fe gbogbo aɖe na Ðasefo aɖewo. Le ƒe 2011 me la, wobu fɔ Ðasefo ade le Ganja eye wodo fe gbogbo aɖe si ade dɔlar 12,000 na wo le esi wode woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kpekpe mɔɖeɖemaxɔmaxɔ tso dziɖuɖua gbɔ ta. Nyitsɔ laa le January (Dzove) 11 kple March (Tedoxe) 2, 2014 dzie kpovitɔwo wɔ nu siawo ƒe akpa gãtɔ.

  • Mɔxexe Ðe Mawusubɔsubɔgbalẽwo Nu

    Azerbaijan ɖeka koe nye Europa ƒe Adaŋudeha me tɔ * si ɖoe koŋ xe mɔ ɖe mawusubɔsubɔgbalẽwo nu. * Woate ŋu ade se ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ƒe agbɔsɔsɔ si Ðasefoawo ate ŋu axɔ tso Europa ƒe Adaŋudeha ƒe dukɔ bubu me alo abu wo me nya aɖewo be womenyo o ahaxe mɔ ɖe wo nu kura. Agbalẽ siwo me nyawo nu woxe mɔ ɖo la dometɔ ɖekae nye Gbetakpɔxɔ, si nye mawusubɔsubɔgbalẽ si Ðasefowo tana zi eve le ɣleti ɖe sia ɖe me. * Esi Ðasefoawo tsɔ nya la yi Azerbaijan ʋɔnudrɔ̃ƒewo hegblɔ kpeɖodzi siwo ɖee fia be Dukɔa Ƒe Kɔmitia ƒe nyametsotsoa mele se nu o la, ɖeko wodo toku woƒe nyawo.

Xexemedukɔwo Va Le Ŋku Kem Ðe Ale Si Azerbaijan Le Ŋuta Sẽm Le Mawusubɔsubɔhawo Ŋuti La Me

Xexemehabɔbɔ siwo léa ŋku ɖe amegbetɔ ƒe gomenɔamesinyawo ŋu la dzro nu me tso se siwo Azerbaijan dziɖuɖua de ku ɖe mawusubɔsubɔ kple ale si womele nu wɔm ɖe mawusubɔsubɔhawo ŋu nyuie o la ŋu, eye wogblɔ woƒe susuwo tso nɔnɔmea ŋu tẽe.

  • Amerika-dukɔa ƒe Dukɔwo Dome Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Gbɔkpɔha gblɔ le eƒe ƒe 2013 ƒe Ƒe Sia Ƒe Nyatakaka me be: “Togbɔ be Azerbaijan dziɖuɖua ƒua asi akɔ be yeɖea mɔ na subɔsubɔhawo faa hã la, ɖeko dukɔmeviwo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe nyawo le gbegblẽm ɖe edzi, vevietɔ tso esime wòwɔ se yeye ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu le ƒe 2009 me, eye wògate dukɔmeviwo ƒe ablɔɖe ɖe to ŋutɔŋutɔ.”

  • Europa Dɔwɔha Si Kpɔa Vovototodede Ame Me Kple Mɔmaɖemaɖe Na Mawusubɔsubɔhawo Nyawo Gbɔ ɖe nyatakaka aɖe ɖe go si me wòtsi dzi vevie ɖe ale si wole mɔ xem ɖe mawusubɔsubɔhawo ƒe ablɔɖe nu le dukɔ sia mee la ŋu. Egblɔ tso Azerbaijan dziɖuɖua ƒe se si wòde ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la ŋuti be: “Dɔwɔha Si Kpɔa Vovototodede Ame Me Kple Mɔxexe Ðe Amewo Ƒe Ablɔɖe Nu Nyawo Gbɔ le biabiam tso Azerbaijan dziɖuɖua si vevie be wòatrɔ asi le eƒe se si ku ɖe mawusubɔsubɔhawo ŋu la ŋu . . . woawɔ ɖeka kple Europa Ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ƒe Ðoɖowɔha ƒe ɖoɖowo.”

  • Europa ƒe Adaŋudeha ƒe dɔwɔha si woyɔna be Venice Aɖaŋuɖoha ɖe nyatakaka aɖewo ɖe go si me wòbia tso Azerbaijan dziɖuɖua si be wòatrɔ asi le eƒe Mawudzixɔse Ƒe Ablɔɖe Ŋuti Se ŋu. Egblɔ be: “Ðoɖo geɖewo le Se la me siwo te dukɔmeviwo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ɖe to eye womewɔ ɖeka kple xexemedukɔwo ƒe ɖoɖowo o. . . . Ele be woatrɔ asi le Se la ƒe akpa aɖewo ŋu, esiwo ku ɖe mawusubɔsubɔ kple dzitsinya ƒe ablɔɖe, mawusubɔsubɔhawo dede agbalẽ me le se nu, ablɔɖenana mawusubɔsubɔhawo kple mɔxexe ɖe wo nu, mawu geɖe subɔsubɔ ƒe nyawo, asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta, kple mawusubɔsubɔgbalẽwo tata kpakple wo mama na dukɔmeviwo ŋu.”

Ablɔɖe Siwo Ŋu Wodea Asixɔxɔ Gã Aɖee

Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo de asixɔxɔ gã aɖe susuɖegblɔ, takpekpe, habɔbɔ, dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu vevie. Wokpɔa ŋudzedze ɖe dziɖuɖu siwo ɖea mɔ ɖe gomenɔamesi siawo ŋu na wo la ŋu. Ðasefo ʋɛ siwo le Azerbaijan siwo nye ame 2,500 kple ame siwo bɔa ha kpli wo la le mɔ kpɔm be dziɖuɖua ava de bubu yewoƒe mawusɔbɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu abe ale si wole ewɔm na mawusubɔsubɔha bubuwo le woƒe dukɔa me ene.

^ mm. 28 Azerbaijan va zu Europa ƒe Adaŋudeha me tɔ le January (Dzove) 25, 2001 dzi.

^ mm. 28 Ðoɖo 48 lia kpɔ mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ta, eye Ðoɖo 50 lia de se be womegaxe mɔ ɖe agbalẽwo kple nyakakamɔnuwo nu o.

^ mm. 28 Ɣleti sia ɣleti la, Yehowa Ðasefowo taa Gbetakpɔxɔ aɖe si womana na amewo tsɔ ɖea Biblia ƒe nufiafiawo me na wo. Eye woawo ŋutɔ zãa eƒe tata bubu tsɔ srɔ̃a Biblia le woƒe hamewo me kwasiɖa sia kwasiɖa. Womaa Gbetakpɔxɔ 45,000,000 kple edzivɔ na amewo le gbe siwo wu 200 me, si na Gbetakpɔxɔ nye magazine si womana wu le xexea me godoo.