Dzo kpo yi emenuwo dzi

JUNE 15, 2015
AZERBAIJAN

Yehowa Ðasefowo Bia Tso Azerbaijan Dziɖuɖua Si Be Wòatsi Ameléle De Ga Madzemadzee Nu

Yehowa Ðasefowo Bia Tso Azerbaijan Dziɖuɖua Si Be Wòatsi Ameléle De Ga Madzemadzee Nu

Le February 17, 2015 dzi la, Azerbaijan dziɖuɖumegãwo lé nyɔnu Yehowa Ðasefo eve le esi wole nu ƒom tso woƒe mawudzixɔsewo ŋu na amewo ta. Togbɔ be womekpɔ drɔ̃ ʋɔnu wo o hã la, wolé wo de ga le nɔnɔme dziŋɔwo me hetso wo nu be wonye nu vlo wɔla vɔ̃ɖiwo. Se nya si Yehowa Ðasefowo Ƒe Habɔbɔa ƒe teƒenɔla si le Europa gblɔ tso nu siwo me tom nyɔnu siawo le ŋu la ɖa.