Dzo kpo yi emenuwo dzi

JANUARY (DZODZE) 28, 2016
AZERBAIJAN

Woɖe Asi Le Aƒenɔ Irina Zakharchenko Kple Aƒenɔ Valida Jabrayilova Siwo Wolé Tu Madzemadzee La Ŋu Mlɔeba

Woɖe Asi Le Aƒenɔ Irina Zakharchenko Kple Aƒenɔ Valida Jabrayilova Siwo Wolé Tu Madzemadzee La Ŋu Mlɔeba

Woɖe asi le aƒenɔ Irina Zakharchenko kple aƒenɔ Valida Jabrayilova ŋu mlɔeba le January (Dzove) 28, 2016 dzi esi wonɔ ga me ɣleti 11 sɔŋ vɔ megbe. Ʋɔnudrɔ̃la Akram Gahramanov bu fɔ wo hedo fe gã aɖe (ga home manat 7,000 alo euro 3,932) na wo le esi wona mawusubɔsubɔgbalẽ ɖeka ame aɖe ta. Eyome ʋɔnudrɔ̃la ŋutɔ te fli ɖe ga si woka na nyɔnuawo be woaxe la me, elabena wole ga me tso February (Dzodze) 17, 2015 dzi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea mewɔ ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe biabia be woaxe fe na nyɔnu siawo atsɔ aɖo eteƒe na wo ɖe ale si wolé wo tu madzemadzee la dzi o.

Togbɔ be lãme mele aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova si o hã la, woƒe dzi dze eme be woɖe asi le yewo ŋu. Wole woƒe ƒometɔwo gbɔ le aƒe me, eye wole hayahayam fifia.