Dzo kpo yi emenuwo dzi

DECEMBER (DZOME) 8, 2015
AZERBAIJAN

Woƒlɔ Dzo Ðe Azerbaijan Dziɖuɖua Te Be Wòaɖe Aƒenɔ Irina Zakharchenko Yi Aƒe Me

Woƒlɔ Dzo Ðe Azerbaijan Dziɖuɖua Te Be Wòaɖe Aƒenɔ Irina Zakharchenko Yi Aƒe Me

Le December (Dzome) 3, 2015 dzi la, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti ɖo biabia vevi aɖe ɖe Azerbaijan dziɖuɖua ku ɖe aƒetɔ Irina Zakharchenko ŋu si dzi wole be wòawɔ ɖo kpata. Ebia tso dziɖuɖua si be wòaɖe aƒenɔ sia tso gaxɔ me enumake “aɖada ɖe aƒe me alo awɔ ɖoɖo bubu si sɔ nɛ.” Esi Kɔmitia tsi dzi ɖe nyɔnu sia ƒe lãmegbegblẽ si le gã dom ɖe edzi ŋu tae wòŋlɔ nu sia ɖo ɖe dziɖuɖua be wòawɔ edzi kpata.

Wolé aƒenɔ Irina Zakharchenko kple Ðasefo bubu si ŋkɔe nye Valida Jabrayilova de ga togbɔ be womekpɔ ɖo kodzo na wo o hã, eye wole ga me ɣleti ewo sɔŋ. Le December (Dzome) 10, 2015 dzi la, Baku Pirallahi Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea agadze nyɔnu eve siawo ƒe nyaa dɔdrɔ̃ gɔme. Wotso nyɔnu siawo nu alakpatɔe be wowɔ nu vlo le esi wole woƒe mawusubɔsubɔgbalẽwo mam na amewo hele nu ƒom tso woƒe dzixɔsewo ŋu na amewo “mɔɖeɖemaxɔmaxɔe” ta.