Dzo kpo yi emenuwo dzi

DECEMBER 10, 2019
BRAZIL

Wowɔ Gbeƒãɖeɖedɔ Tɔxɛ Aɖe Le Brazil Ƒe Kɔƒenutowo Me

Wowɔ Gbeƒãɖeɖedɔ Tɔxɛ Aɖe Le Brazil Ƒe Kɔƒenutowo Me

Yehowa Ðasefo akpe geɖe le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe wɔm be yewoatsɔ Biblia me gbedeasia ayi na ame siwo le Brazil ƒe kɔƒe totroewo me. Wodze gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ sia gɔme tso September 1, 2018 dzi, eye ayi edzi va se ɖe December 31, 2019. Va se ɖe fifia, gbeƒãɖela 80,000 kple edzivɔ ye kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ sia me, eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame 16,000 kple edzivɔ.

Brazil ye nye dukɔ siwo lolo wu le xexea me la ƒe atɔ̃lia. Wobu akɔnta be ame siwo ade miliɔn 28 ye le dukɔ ma ƒe kɔƒenutowo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame miliɔn 22 bubuwo le kɔƒe saɖeagawo me. Gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ sia ɖo nuto 1,600 kple edzivɔ me xoxo. Ehiã be gbeƒãɖela aɖewo nazɔ mɔ kilometa 2,000 kple edzivɔ hafi aɖo ameawo gbɔ.

Gbeƒãɖela aɖe do go ŋutsu tsitsi aɖe le aƒe me esime ŋutsua nɔ dɔ wɔm tso kɔfi si wòxa la ŋu. Ŋutsua kpe gbeƒãɖelaa va aƒea me eye wòyɔ srɔ̃a hegblɔ be: “Eva be yeagblɔ mawunya na mí. Va míasee!”

Ŋutsua kple srɔ̃a te nya geɖewo biabiae. Wobia nyawo tso nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku, nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li, nenye be esɔ be woana nu ewolia, ale si woakpɔ ƒomekuxiwo gbɔ, kple nya bubu geɖewo ŋu. Ale si gbeƒãɖelaa zã Biblia tsɔ ɖo nyabiaseawo ŋui la wɔ dɔ ɖe ŋutsua dzi ale gbegbe, eye wògblɔ be yedo gbe ɖa ŋdi ma hebia Mawu nenye be yeava kpɔ ŋuɖoɖo na yeƒe nyabiase gbogbo mawo gbe ɖeka hã. Le gbe ma gbe ke ƒe fiẽ la, ƒome ma de Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe zi gbãtɔ, eye woyi edzi le Biblia srɔ̃m.

Le nuto bubu aɖe me la, gbeƒãɖelawo nɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me, eye kasia tsi gã aɖe te dzadza, si wɔe be wobe tsi le kɔ aɖe dzi. Esime wole afi ma la, wowɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ bia nyɔnu aɖe kple via be nya kae woadi be yewoabia Mawu hã. Vianyɔnuvia gblɔ be adzɔ dzi na ye ŋutɔ ne yegakpɔ ye mama si ku la ake. Gbeƒãɖelaawo xlẽ mawunyakpukpui aɖe si ku ɖe tsitretsitsia ŋu la na wo, eye woɖe video si ƒe tanyae nye Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa—Ava Eme Kpuie la na wo.

Emegbe esi gbeƒãɖelaawo yi nyɔnua gbɔ le eƒe aƒe me la, wote Biblia sɔsrɔ̃ kple eya kpakple eƒe ƒome bliboa. Nyɔnua kple vianyɔnuviawo de Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe le du aɖe si te ɖe wo ŋu la me, eye woyi Biblia sɔsrɔ̃a dzi le telefon dzi.

Biblia gblɔe ɖi be Mawu Fiaɖuƒea teviwo asɔ gbɔ ade “anyigba ƒe mlɔenuwo ke.” Gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ si wowɔ le Brazil la ɖo kpe edzi be Yehowa di be nyagblɔɖi ma nava eme.—Psalmo 72:8.