Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Mudaheranwa siwo nye mɔɖelawo la dze mɔ yina dɔ me

APRIL 6, 2020
CANADA

Woɖe Dzi Ði Togbɔ Be Ŋɔdzi Lé Amewo Hã

Woɖe Dzi Ði Togbɔ Be Ŋɔdzi Lé Amewo Hã

Nɔviŋutsu Jean-Yves kple srɔ̃a Vasthie Mudaheranwa hã le asi kpem ɖe eŋu be woada dɔ na ame siwo xɔ corona dɔlékuia le Montreal le Canada. Nɔviŋutsu Mudaheranwa nye ɖɔkta si kpɔa dzitodzito me dɔlélewo ƒe nyawo gbɔ le kɔ aɖe dzi, eye Nɔvinyɔnu Mudaheranwa wɔa dɔ le kɔdzi aɖe si wokpɔa ame siwo xɔ corona dɔlékuia gbɔ le. Le ɣeyiɣi sia si me ame geɖe tsi dzi vevie le me la, Nɔviŋutsu Mudaheranwa kple srɔ̃a le ŋu ɖom ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ yewo eye wole “dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ” si ŋugbe Yehowa do la teƒe kpɔm.—Yesaya 65:14.

Nɔviŋutsu Mudaheranwa gblɔ be: “Nye dɔwɔhati geɖe le vɔvɔ̃m ale gbegbe, nyemekpɔ wo wovɔ̃ alea kpɔ o.” Nɔvinyɔnu Mudaheranwa gblɔ be: “Ðokuisinusɔsrɔ̃ le kpekpem ɖe mía ŋu ŋutɔ. Míedea ŋugble le ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesia ŋu heɖoa ŋku edzi na mía ɖokuiwo be Yehowa li kpli mí eye magblẽ mí ɖi gbeɖe o. Gbedodoɖa hã kpena ɖe mía ŋu ale gbegbe. Hafi mayi dɔme adze dɔ gɔme la, medoa gbe ɖa eye esia nana nye dzi dzea eme.”

Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Mudaheranwa le gome kpɔm le hame ƒe kpekpe aɖe me

Nɔviŋutsu Mudaheranwa gblɔ be: “Rwanda ye metso eye mekpɔ dukɔmeviʋa dziŋɔ ma teƒe. Le Canada afi sia la, míekpɔ nu ma tɔgbi teƒe kpɔ o, eya ta ɣeaɖewoɣi la, míeŋlɔna be be míele ŋkeke mamlɛawo me. Ne mato nyateƒe la, megava nɔa susu me nam be Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒe nenema gbegbe o. Dɔvɔ̃a na kakaɖedzi geɖe wu va su asinye be míele ŋkeke mamlɛawo me eye ena ale si mexɔ Biblia kple Biblia me nyagblɔɖiwo dzi se la me gava sẽ ɖe edzi.”

Kakaɖedzi sia si le Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Mudaheranwa si la kee le Yehowa ƒe amewo si le xexea me godoo, eye woɖe dzi ɖi togbɔ be dɔvɔ̃ sia le kakam hã.—Yesaya 48:18.