Dzo kpo yi emenuwo dzi

SEPTEMBER (ANYƆNYƆ) 22, 2015
CANADA

Dumegã Siwo Le Canada Ƒe Dzigbenuto Saɖeagawo Me Da Akpe Na Yehowa Ðasefowo Ðe Biblia-fiafiadɔ Tɔxɛ Aɖe Ta

Dumegã Siwo Le Canada Ƒe Dzigbenuto Saɖeagawo Me Da Akpe Na Yehowa Ðasefowo Ðe Biblia-fiafiadɔ Tɔxɛ Aɖe Ta

TORONTO​—Yehowa Ðasefo siwo ade ame 150 kpɔ gome le Biblia-fiafiadɔ tɔxɛ aɖe si ƒe ɖoɖo Ðasefoawo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Canada wɔ le September (Anyɔnyɔ) kple October (Kele) 2014 me la me. Wowɔ ɖoɖo be woayi nuto saɖeaga 35 me le dukɔa me godoo.

Ame 32,000 kple edzivɔe le Inuit-tɔwo ƒe nuto 35 siwo gbɔ Ðasefoawo yi la me, nuto siawoe dze le amadede aŋutiɖiɖi la me. Dɔa keke ta ɖo nuto eve me eye nuto ɖekae nye esia dze le afi sia.

Woma Ðasefoawo ɖe ƒuƒoƒowo me be woawɔ dɔ le nuto si keke tso Aklavik, si le Dzieheɣetoɖoƒenuto me le ɣetoɖoƒe gome va se ɖe Kangiqsualujjuaq le Quebec si le ɣedzeƒe gome, nutoa ƒe didime anɔ kilometa 3,300 kple edzivɔ. Ame siwo le gbeƒãɖeɖedɔ sia wɔm le dukɔa ƒe nutotroe siawo me ŋutɔwoe xe woƒe mɔzɔfewo, eye le ɖewo gome la, dɔlar gbogbo aɖewoe ame ɖeka xe.

Du siwo me Ðasefoawo yi la dometɔ ɖekae nye Paulatuk. Ame 300 ye le eme eye wòle Beaufort Ƒuta ƒe Dzieheɣetoɖoƒenuto me.

Do ŋgɔ na dɔa la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha da asi ɖe edzi be woaɖe video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? gɔme ɖe Inuit-gbe me. Ame 35,000 aɖewoe doa gbe sia le Canada eye wònye gbe si wodona le Nunavut kple Canada ƒe Dzieheɣetoɖoƒenuto me.

Aƒenɔ Velma Illasiak, si nye suku aɖe ƒe tatɔ le Aklavik, ƒo nu tso Ðasefoawo ƒe vava ŋu ale: “Sukuviawo kpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo miegblɔ na wo la ŋu ale gbegbe eye wole [wo] ŋu bum . . . Míele edam kpɔ be míadɔ agbalẽ si nye Nya Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖo Vavãwo (si le yevugbe me) la ƒe babla eveawo siaa na sɔhɛ ɖe sia ɖe le sukua . . . Akpe na mi be mieva míaƒe sukua kple míaƒe nutoa me.”

Esi Aƒetɔ Peter Iyaituk, si nye dudzikpɔla le Quebec ƒe dzigbedu si nye Ivujivik me, ƒo nu kple Ðasefoawo eye wòkpɔ video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? vɔ la, ekɔ Ðasefoawo ɖe eƒe ʋu me woɖi tsa le nutoa me. Egakɔ wo ɖe eƒe ʋu me yi yameʋudzeƒe le woƒe dzodzogbe hã eye wòda akpe na wo ɖe woƒe vava ta.

David Creamore, si nye Yehowa Ðasefo la ɖe video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? na Aƒetɔ Peter Iyaituk, si nye Ivujivik dudzikpɔla.

Aƒetɔ Matthieu Rozon, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Canada gblɔ be: “Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoafia Biblia ame sia ame. Ame siwo kpɔ gome le dɔ sia me se le wo ɖokui me be yewozã yewoƒe ɣeyiɣi nyuie.”

Le ɣleti eve siwo me Ðasefoawo wɔ dɔ sia me la, woma agbalẽ vovovo siwo wu 37,000. Ame 600 kloe bia be Ðasefoawo nawɔ ɖoɖo be yewoayi Biblia me dzeɖoɖoa dzi.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Canada: Matthieu Rozon, tel. +905 873 4100

 

Kuujjuarapik Ƒe Yameʋudzeƒe le Quebec

Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe va ɖo Kuujjuarapik, si nye kɔƒedu sue aɖe le Hudson Bay ƒe ɣedzeƒe gome.

Salluit le Quebec

Du si nye Salluit le Quebec ƒe dzigbe eye ame 1,300 ye le eme.

Ivujivik le Quebec

Du si nye Ivujivik hã le Quebec ƒe dzigbe eye ame 400 ye le eme.

Ivujivik le Quebec

Aƒetɔ Peter Iyaituk si nye Ivujivik ƒe dudzikpɔla kplɔ David Creamore le tsa ɖim.

Ivujivik le Quebec

Sɔhɛ aɖe si nye Inuit-tɔ le video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? kpɔm.

Paulatuk si le Dzieheɣetoɖoƒenuto me

Aƒewo le anyigba lɛ aɖe dzi va ɖo Beaufort Ƒua me, eye ame siwo le du sia me ade 300.

Umiujaq le Quebec

Atsu kple asi Inuit-tɔ aɖe kpe Julien Pinard, si nye Yehowa Ðasefo aɖe wòva le Biblia me dzrom kpli wo. Ame siwo ade 450 kloe ye le du sia me.

Umiujaq le Quebec

Du sia si le Quebec ƒe dzigbe me tɔwo le foto ɖem kple Yehowa Ðasefo si ŋkɔe nye Roxanne Pinard (ɖusime).

Puvirnituq le Quebec

Ame siwo ade 1,700 ye le Quebec ƒe dzigbedu sia me.