Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAY 2, 2014
CHILE

Dzobibi Dziŋɔ Aɖe Gblẽ Nu Le Valparaíso Le Chile

Dzobibi Dziŋɔ Aɖe Gblẽ Nu Le Valparaíso Le Chile

PUENTE ALTO, Chile (Chili)​—Le April 13, 2014 dzi la, dzo dze melidzeƒe xɔŋkɔ si le Valparaíso du gã si le Chile eye Pasifik-ya sesẽ aɖe si ƒo to nutoa me va yi la na be dzoa keke ta bi teƒea keŋkeŋ. Dzoa wu ame 15 ya teti eye nu vevi wɔ ame 500 aɖewo. Aƒe 2,900 aɖewo hã dome gblẽ keŋkeŋ, eye wòhiã be woadi teƒe bubu na ame 10,000 aɖewo.

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Chile ka nya ta be Ðasefo ŋutsu tsitsi aɖe hã ku le nudzɔdzɔ sia me. Gakpe ɖe eŋu la, Ðasefo 89 bu woƒe aƒewo. Ame siwo dzo le woƒe aƒewo me la va tsi wo nɔvi tadeagulawo gbɔ. Alɔdzedɔwɔƒea ɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti enumake be woakpe ɖe ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la ŋu. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo siwo woɖo la dze teƒeawo dzadzra ɖo gɔme xoxo. Ne nɔnɔmewo ɖe mɔ la, woate Ðasefowo ƒe aƒe 28 siwo dome gblẽ la tutu.

Aƒetɔ Jason D. Reed, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Chile, gblɔ be: “Ete ɖe mía dzi vevie esi míese nu siwo gbegbe dzo sia gblẽ le mía nɔviwo ŋu. Míefa mía nɔvi si ku la vevie, eye míaɖo ŋku ame siwo ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo tsi afɔku sia me hã dzi le míaƒe gbedodoɖawo me. Míayi edzi anɔ kpekpeɖeŋunuwo kple nu bubu siwo hiã ale be woate ŋu anɔ te ɖe afɔku dziŋɔ sia me tsonuwo nu la ɖom ɖe ame siwo ŋu wògblẽ nu le.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Chile: Jason D. Reed, tel. +56 2 2428 2600