Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAY 15, 2015
CHILE

Ðasefowo Na Kpekpeɖeŋu Ame Siwo Tsi Ðe Le Chile

Ðasefowo Na Kpekpeɖeŋu Ame Siwo Tsi Ðe Le Chile

Fiaɖuƒe Akpata si le Copiapó si me tsi kple ba yɔ fũu.

SANTIAGO, Chile (Chili)—Tsi gã aɖe dza le March 25, 2015 dzi le Atacama-nutoa me le Chile ƒe dzigbe, eye wòna ba kple tsi xɔ nutoa me katã. Ƒe 80 sɔŋue nye esia womegakpɔ esia gbegbe teƒe kpɔ o. Tsiɖɔɖɔ sia gblẽ nu le ame 30,000 kple edzivɔwo ŋu, ena hã be ame 3,000 va tsi sitsoƒe siwo woɖo ɖi na nudzɔdzɔ kpatawo eye woka nya ta be ame 25 ya teti ƒe agbe tsi eme.

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Chile ka nya ta be nu vevi mewɔ Ðasefo aɖeke o, eye wo dometɔ aɖeke hã meku o. Ke hã, Ðasefoawo ƒe aƒe adre dome gblẽ keŋkeŋ eye nu gblẽ le aƒe geɖewo hã ŋu. Tsiɖɔɖɔa gbã Fiaɖuƒe Akpata ɖeka keŋkeŋ eye wògblẽ nu le eve bubuwo hã ŋu.

Nu siwo dome gblẽ le Diego de Almagro, du si ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le vevie.

Le Copiapó, si nye du siwo me tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le wu dometɔ ɖeka me la, Yehowa Ðasefowo ɖo kpekpeɖeŋunakɔmitiwo be woaxɔ nyatakakawo eye woadzra teƒeawo ɖo. Wodɔ alɔdzedɔwɔƒea teƒenɔla ɖeka hã ɖo ɖa be wòagblɔ Biblia me nyawo atsɔ afa akɔ na Ðasefo siwo le nutoa me ahade dzi ƒo na wo. Enumake Ðasefo siwo tso Antofagasta, Arica, Calama, Caldera, Iquique kple La Serena ɖo kpekpeɖeŋunanuwo ɖe woƒe haxɔsetɔ siwo hiã tu.

Ðasefoawo le kpekpeɖeŋunanuwo lɔm le Fiaɖuƒe Akpata aɖe me le Alto Hospicio be yewoatsɔ ayi na ame siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le.

Jason Reed, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Chile, gblɔ be: “Nu si dzɔ ɖe mía nɔviawo dzi te ɖe mía dzi ŋutɔ, eye míaƒe kpekpeɖeŋunakɔmitia sɔ gbe be yeana kpekpeɖeŋu le teƒeawo dzadzra ɖo kple xɔ yeyewo tutu ƒe dɔ si axɔ ɣeyiɣi didi la me. Míeɖoe hã be míafa akɔ na ame siwo katã ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le ahade dzi ƒo na wo.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Chile: Jason Reed, tel. +56 2 2428 2600