Dzo kpo yi emenuwo dzi

FEBRUARY (DZODZE) 5, 2015
FRANCE

France Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Tsi Ŋkutɔtɔ Ame Nu

France Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Tsi Ŋkutɔtɔ Ame Nu

Le míaƒe gododoa megbe la, dzi dzɔm eye menɔ ha dzim na ɖokuinye. Miaƒe afi sia vava tu ame ɖo, eye Biblia-sɔsrɔ̃ na taɖodzinu va le nye agbe ŋu.

Ðeko medi be mada akpe na mi ɖe ɖoɖo siwo katã miewɔ le senyawo, fiahanyawo kple mawusubɔsubɔnyawo gome be yewoava nɔ mía kpɔm ɖa anɔ mawunya gblɔm na mí la ta.

Ðoɖo sia nye nye gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo.

Nya siawoe gamenɔla siwo le France la dometɔ aɖewo gblɔ tsɔ ɖe ale si wokpɔ ŋudzedze ɖe ale si Yehowa Ðasefowo ƒe subɔlawo va gblɔ mawunya tsɔ de dzi ƒo na wo la ŋu ta.

Le October (Kele) 16, 2013 dzi la, France ƒe Fiahawo Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ ɖe nyametsotso aɖe ɖe go si tsi ale si wotɔ ŋku Yehowa Ðasefo siwo le France la nu. Le Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa me la, egblɔ be Yehowa Ðasefowo kpɔ mɔ le se nu ayi aɖakpɔ gamenɔlawo ɖa le gakpɔwo me ahagblɔ mawunya atsɔ ade dzi ƒo na wo. *

Wogbe Mawunyagblɔlawo Ƒe Dzedzegbalẽ Nana Mawunyagblɔla Ðasefowo

Ƒe geɖe do ŋgɔ la, gaxɔdzikpɔlawo ɖea mɔ na mawunyagblɔla Ðasefowo be woayi aɖakpɔ gamenɔlawo ɖa le gaxɔwo me, agblɔ mawunya atsɔ afia mɔ ahaɖo aɖaŋu na wo togbɔ be womenaa mawunyagblɔlawo ƒe dzedzegbalẽ wo o hã. Gake le ƒe 1995 me la, nɔnɔmea te tɔtrɔ esi woƒe Sewɔƒea Ƒe Dɔwɔha ɖe nyatakaka manyatalenu aɖe ɖe go si me woyɔ subɔsubɔ aɖewo ƒe ŋkɔ le be wonye kɔmama vɔ̃ɖiwo, eye woyɔ Yehowa Ðasefowo hã de subɔsubɔha siawo dome. Ðasefoawo yɔyɔ kpe ɖe subɔsubɔha vɔ̃ɖiwo ŋu ƒo ɖi woƒe ŋkɔ, gake vɔ̃ɖitɔe wu la, ena amewo va ɖe ŋku tɔ wo. Ŋkutɔtɔ ame sia ƒe ɖe dze le gaxɔdzikpɔlawo ƒe nuwɔna me.

Togbɔ be se meƒoe ɖe gaxɔdzikpɔlawo nu be woawɔ ɖe Sewɔƒea ƒe nyatakaka si wòɖe ɖe go le ƒe 1995 me dzi o hã la, gaxɔdzikpɔla aɖewo nɔ te ɖe nyametsotso ma dzi gbe be Ðasefoawo ƒe mawunyagblɔlawo mekpɔ mɔ ayi gaxɔwo me aɖagblɔ mawunya na gamenɔlawo atsɔ atu wo ɖo o. Woɖea mɔ na mawunyagblɔla Ðasefowo abe ale si woɖea mɔ na dukɔmevi dzro ɖe sia ɖe ene ko, ke menye abe mawunyagblɔla ene ale be woate ŋu agblɔ mawunya na gamenɔlawo o. Womeɖea mɔ be woatsɔ Biblia alo subɔsubɔgbalẽ aɖeke ɖe asi o. Ele be woaɖo dze kple gaxɔmenɔla ɖe sia ɖe le gaglãgbe le amewo dome, eye esia wɔnɛ be nɔnɔmeawo medea ame dzi be woagblɔ mawunya na gamenɔlawo o. Mawunyagblɔla Ðasefo aɖe gblɔ be ale si nɔnɔmeawo le le amedzroxɔƒea “le ko abe ketekedzeƒe ƒe akpata me ene, eye amewo nɔa toɣli ɖem le xɔa me ko abe ketekedzeƒewo ene.” Gaxɔdzikpɔla aɖewo biana be woaka mawunyagblɔla siwo si dziɖuɖu ƒe dzedzegbalẽ mele o la ŋu nyuie hafi woadzo.

Esi Yehowa Ðasefowo hã di be woana mawunyagbɔgblɔ ƒe gome yewo le se nu abe ale si wona subɔsubɔha bubuwo ene la, wotsɔ nya la yi Franseawo ƒe gaxɔdzikpɔƒe le ƒe 2003 me be woana mawunyagblɔlawo ƒe dzedzegbalẽ yewo. Gake wogbe woƒe biabiawo katã keŋ. Ðasefoawo tsɔ ameŋkumekpɔkpɔ ƒe nuwɔna ŋu nya sia yi dziɖuɖudɔwɔƒe si kɔkɔ wu esia gbɔ be woalé ŋku ɖe yewoƒe biabiawo ŋu na yewo, gake ɖeko woawo hã gagbe kpem. Franseawo ƒe Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ gblɔna be susu si tae yewogbe be yewomana mawunyagbɔgblɔ ƒe dzedzegbalẽ Ðasefowo o lae nye be Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkɔ medze le subɔsubɔha siwo ŋuti woɖe mɔ le na yewo be yewoaɖe mɔ woage ɖe gaxɔwo me la dome o. Dudɔwɔƒea gagblɔ hã be ne yewona mawunyagblɔlawo ƒe dzedzegbalẽ Yehowa Ðasefowo la ade dzi ƒo na subɔsubɔha suesue bubuwo hã woava nɔnɔ biabiam be woana mawunyagblɔlawo ƒe dzedzegbalẽ yewo hã. Esi Yehowa Ðasefowo do afɔ na nya sia le Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ ʋuu gake tɔtrɔ aɖeke meva o la, wokpɔe be nu bubu aɖeke megali yewoawɔ wu be yewoatsɔ nya la ayi ʋɔnui o.

Dziɖuɖua Gbe Be Yematsi Ŋkutɔtɔ Ame Nu O

Le ƒe 2006 me la, Yehowa Ðasefowo tsɔ nya la yi ʋɔnui be woate fli ɖe ale si wogbe mawunyagblɔlawo ƒe dzedzegbalẽ nana yewo la me, eye woaɖe gbe na Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ ne wòana mawunyagblɔlawo ƒe dzedzegbalẽ mawunyagblɔla Ðasefowo. Dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe kple Nyagbugbɔdrɔ̃ƒe ɖe sia ɖe si wotsɔ nya la yi la tso nya me be dziɖuɖua da se dzi esi wògbe be yemana mawunyagblɔlawo ƒe dzedzegbalẽ Ðasefoawo o. Gawu la, Franseawo Ƒe Dziɖuɖudɔwɔƒe Gã Si Kpɔa Ŋkutɔtɔ Ame Kple Sɔsɔminasɔe Nyawo Gbɔ bu fɔ dziɖuɖua le ƒe 2010 me ɖe eƒe nuwɔna sia ta eye wòbia tso Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ si be wòatsi ŋkutɔtɔ ame ƒe nuwɔnawo sia nu.

Franseawo ƒe dziɖuɖua do toku nuxlɔ̃ame sia kple ʋɔnudrɔ̃ƒewo ƒe nyametsotso siawo katã, eye gawu la, etsɔ nyaa la yi Dukɔa Ƒe Aɖaŋudeha, si nye France-dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ gbɔ be wòagbugbɔ nya la adrɔ̃ na ye.

Nyametsotso Ðedzesi Aɖe Si De Yehowa Ðasefowo Dzi

Le ƒe 2013 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe nya la va ɖo Dukɔa Ƒe Aɖaŋudeha gbɔ mlɔeba, eye wòtsɔ nya sia kpe ɖe nya siawo tɔgbi asieke bubuwo ŋu drɔ̃ ɖekae. Le October (Kele) 16, 2013 dzi la, Ʋɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe France dziɖuɖua ƒe biabia be woagbugbɔ nya la adrɔ̃ na ye la me. Egblɔ be ele be Gaxɔdzikpɔƒea nade bubu gamenɔlawo ƒe gomenɔamesiwo ŋu, ele be “wòana mawunyagblɔlawo ƒe dzedzegbalẽ mawunyagblɔla gbogbowo ne woƒe biabiagbalẽ nya ka esi ko, nu si ko ŋuti wòade se le na woe nye nu siwo ana gaxɔwo nanɔ dedie eye nuwo nayi edzi le ɖoɖo nu le wo me.” Adaŋudehaa he susu yi France Dukplɔsea kple Europa Ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ƒe Ðoɖowɔha ƒe sewo dzi gblɔ be “se kpɔ gaxɔmenɔlawo ƒe susuɖegblɔ, dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ta, eye gamenɔlawo kpɔ mɔ akpɔ gome le subɔsubɔwɔna si woawo ŋutɔ wodi la me.” Nyametsotso sia wɔe be, va se ɖe fifia la, wona mawunyagblɔlawo ƒe dzedzegbalẽ Ðasefo 105 le France kple eƒe dutaduwo me. Esia wɔe be Yehowa Ðasefowo tea ŋu yina ɖakpɔa gamenɔla siwo le dukɔ sia me la hegblɔa mawunya tsɔ tua wo ɖo.

Le January (Dzove) 2014 me la, Franseawo ƒe Gaxɔdzikpɔƒe ɖo Yehowa Ðasefo si ŋkɔe nye aƒetɔ Jean-Marc Fourcault be wòanye Yehowa Ðasefowo ƒe mawunyagblɔlawo na gamenɔlawo ƒe teƒenɔla le dukɔ bliboa me. Esia wɔe be aƒetɔ Fourcault tea ŋu yina ɖakpɔa gamenɔla siwo le gaxɔ siwo katã le France-dukɔa me. Wona ŋusẽe hã be wòanye Yehowa Ðasefowo ƒe teƒenɔla le Gaxɔdzikpɔƒea gbɔ. Aƒetɔ Fourcault gblɔ be: “Tso fifia dzi la, Yehowa Ðasefowo ate ŋu anɔ go dom kple gamenɔlawo le xɔ si me woawo ŋutɔ ɖeɖe anɔ le nɔnɔme deamedziwo me abe ale si ko wona gome subɔsubɔha bubu siwo woɖe mɔ na hã ene, eye ɣeaɖewoɣi la, woado go gamenɔla siawo le woawo ŋutɔ woƒe gaxɔa me tẽe.”

Nyametsotso sia nye dziɖuɖu gã aɖe le mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe nyawo me le France. Eɖo kpe edzi be gome le gamenɔlawo si be woakpɔ gome le subɔsubɔwɔna si woawo ŋutɔ wodi la me, eye mawunyagblɔla siwo woawo ŋutɔ wolɔ̃ nava kpɔ wo ɖa. Yehowa Ðasefowo da akpe na Franseawo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo ŋutɔ be wotsi ŋkutɔtɔ ame ƒe nuwɔna sia nu, eye esia ganye afɔ bubu aɖe si woɖe ɖo ta asidada ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le France be wonye subɔsubɔha gbɔ.

^ mm. 6 Gamenɔla aɖewo va zu Yehowa Ðasefowo esi wova do ka kple Yehowa Ðasefowo esime wole gaxɔ me. Gamenɔla bubu aɖewo hã anya nya Ðasefowo do ŋgɔ na gameyiyi alo woƒe ƒometɔwo nye Ðasefowo, gake wova wɔ nu gbegblẽ aɖe wolé wo de ga hafi wova le biabiam azɔ be woakpe ɖe yewo ŋu yewoatrɔ va hame la me. Eɖanye susu ka tae gamenɔla aɖe bia be Yehowa Ðasefowo ƒe mawunyagblɔla aɖe nava kpɔ ye ɖa le gaxɔ me o, mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe le eya hã si abe ale si ko wòle subɔsubɔha bubu me tɔwo si ene.