Dzo kpo yi emenuwo dzi

JUNE (MASA) 22, 2015
GEORGIA

Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea Xɔ Georgia Ƒe Nu Vɔ̃ Me Ʋuʋu Be Yetu Afɔkpo Yehowa Ðasefowo Ƒe Gomenɔamesiwo

Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea Xɔ Georgia Ƒe Nu Vɔ̃ Me Ʋuʋu Be Yetu Afɔkpo Yehowa Ðasefowo Ƒe Gomenɔamesiwo

Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea lɔ̃ xɔ Georgia dziɖuɖua ƒe nu vɔ̃ me ʋuʋu be yetu afɔkpo Yehowa Ðasefowo ƒe gomenɔamesiwo le mawusubɔsubɔ kple takpekpewo wɔwɔ ƒe ablɔɖe nyawo gome. Nyadɔdrɔ̃ si nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Habɔbɔ Kple Ame Bubuwo Kpakple Georgia Dziɖuɖua ku ɖe ale si dziɖuɖua dze agbagba be yeate fli ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha eve aɖewo ƒe ŋkɔdede agbalẽ me le se nu me la ŋu. Flitete ɖe dɔwɔha siawo ƒe ŋkɔdede agbalẽ me me na be ŋutasẽnuwo wɔwɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu do agbogbo ɖe edzi tso ƒe 2001 va se ɖe ƒe 2004 me.

Georgia Dziɖuɖua Lɔ̃ Ðe Edzi Be Yedze Agɔ

Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ le eƒe nyametsotso si wòɖe ɖe go le May (Damɛ) 21, 2015 * dzi me be Georgia dziɖuɖua ŋutɔ ŋlɔ agbalẽ na ye le September (Anyɔnyɔ) 2014 me be “yedi be yeaʋu eme be yetu afɔkpo” Yehowa Ðasefowo ƒe gomenɔamesiwo eye “wòte ɖe ye dzi ŋutɔ.” Eye Georgia dziɖuɖua yi edzi gblɔ be flitete ɖe Ðasefoawo ƒe dɔwɔhaawo ƒe ŋkɔdede agbalẽ me le ƒe 2000 me la “mehiã kura hafi o.” Egblɔ kpee be esi se gbagbe aɖeke meli o ta la, mɔnukpɔkpɔ meli ɣemaɣi be woagade dɔwɔha siawo agbalẽ me o.

Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea xɔ dziɖuɖua ƒe nu vɔ̃ me ʋuʋua, eye wòƒo nya ta be ema ɖeɖe su be woatsɔ akpɔ nya la gbɔ. Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be “dziɖuɖua do kplamatsɛ habɔbɔ siawo siwo tsɔ nya vɛ la ƒe mawusubɔsubɔ kple habɔbɔ ƒe ablɔɖe esi wògbe be yemade subɔsubɔha vovovo siawo agbalẽ me o alo esi wòte fli ɖe woƒe ŋkɔdede agbalẽ me me la ta, eye wònye Nubabla ƒe Gomenɔamesise ƒe Ðoɖo 11 lia dzi dada ne wotsɔe sɔ kple Ðoɖo 9 lia.” Dziɖuɖua lɔ̃ be yeaxe ga home euro 6,000 na wo atsɔ akpata wo.

Flitete Ðe Dɔwɔha Siawo Ƒe Ŋkɔdede Agbalẽ Me Me Na Be Woti Wo Yome Ƒe Geɖe

Wode dɔwɔha eve siwo nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Habɔbɔ kple Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ Si Le Pennsylvania (Amerika) Ƒe Dɔwɔha si le Georgia agbalẽ me le se nu le ƒe 1998 me. Gake Sewɔƒemenɔla dulɔ̃la zazɛ̃nyahela aɖe di godoo be woaɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi le Georgia-dukɔa me godoo. Ortodɔks-hakplɔla aɖewo kple zazɛ̃nyahela aɖewo kpe asi ɖe eŋu hekaka alakpanyawo tso Ðasefowo ŋu eye wode adã tame na amewo be woasẽ ŋuta le wo ŋu.

Le April (Afɔfiɛ) 1999 me la, sewɔƒemenɔlaa bia tso Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea si le woƒe dunyagblɔha ƒe ŋkɔ me be wòaɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi eye wòate fli ɖe woƒe dɔwɔha nɔsenu eveawo ƒe ŋkɔdede agbalẽ me la me. Esi wodze nyadɔdrɔ̃a gɔme le June (Masa) 1999 me la, Ortodɔks-ha ƒe fadawo kple wo dzi delawo hã nɔ ʋɔnudrɔ̃xɔa me. Eye Vasili Mkalavishvili, si nye Ortodɔks-fada aɖe si si woxɔ fadadɔ le kple eyomedzelawo tɔ dzo Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo le gaglãgbe le ʋɔnudrɔ̃xɔa ŋgɔ.

Esi Isani-Samgori Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe sue la dzro nyawo me vɔ la, egbe sewɔƒemenɔlaa ƒe nyawo, elabena kpeɖodzi gobi aɖeke mele eƒe nutsotsoawo ŋu o. Gake Sewɔƒemenɔlaa tsɔ nyaa yi nyagbugbɔdrɔ̃ƒe be woagbugbɔe adrɔ̃ na ye. Le June (Masa) 26, 2000 dzi la, nyagbugbɔdrɔ̃ƒea te fli ɖe Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe sue la ƒe nyametsotsoa me eye wòɖe gbe be woate fli ɖe Ðasefoawo ƒe dɔwɔha nɔsenuawo ƒe ŋkɔwo me. Le nyametsotso sia megbe la, Ortodɔks-ha nɔ te ɖe esia dzi wɔ ŋutasẽnu geɖe ɖe Ðasefowo ŋu. Le February (Dzodze) 22, 2001 dzi la, Georgia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ da asi ɖe nyagbugbɔdrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa dzi, eye wògblɔ be esi wònye be se gobi aɖeke meli si dzi yewoanɔ te ɖo ate fli ɖe nyagbugbɔdrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa me o ta la, nu bubu aɖeke meli yewoawɔ wu be yewoabu fɔ Ðasefoawo o. Esi Ðasefoawo wɔ ɖe sia ɖe le dukɔa me ʋɔnudrɔ̃ƒewo do kpoe la, wotsɔ nya la yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea le August (Dasiamime) 16, 2001 dzi be wòadrɔ̃ na yewo.

Le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotsoa megbe la, Ðasefoawo yome titi va do gã ɖe edzi eye wowɔ ŋutasẽnuwo ɖe wo dometɔ alafa geɖewo ŋu. Zi geɖe la, kpovitɔwo mekpɔa Ðasefoawo ta o. Le go aɖewo me gɔ̃ hã la, woawo ŋutɔwo hã kpea asi ɖe amewo ŋu wosẽa ŋuta le Ðasefoawo ŋu. Wowɔ nu vevi Ðasefo geɖewo. Subɔsubɔhawo ƒe zazɛ̃nyahelawo va gblẽa woƒe kpekpewo me adãtɔe, wotɔa dzo woƒe aƒewo, wofia woƒe nuwo alo wogblẽa wo dome, eye wotɔa dzo woƒe subɔsubɔgbalẽwo hã. Gakpe ɖe eŋu la, dziɖuɖua gbe be yemaɖe mɔ na Ðasefoawo woatsɔ woƒe agbalẽwo va dua me o, eye woxɔa agbalẽ siwo wotsɔ va dua me xoxo la le wo si. Dziɖuɖua meɖe mɔ hã be woahaya teƒewo na Ðasefoawo woawɔ woƒe subɔsubɔwɔnawo o. Yehowa Ðasefo siwo le Georgia tsɔ woƒe nyawo yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea, elabe yometitiawo va do gã ɖe edzi, eye dziɖuɖua mekpɔa wo ta ne wole ŋutasẽnuwo wɔm ɖe wo ŋu o. Ðasefoawo gblɔ nu manyomanyo siwo wɔm wole ɖe wo ŋu kple ale si kpovitɔwo wɔa ɖeka kple ŋutasẽnuwɔla siawo la hã. Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me zi eve wòde Ðasefoawo dzi ku ɖe nya sia ŋu va yi xoxo. *

Esi nɔnɔmeawo va ka ɖe eme le Georgia la, Ðasefoawo gbugbɔ de woƒe dɔwɔha agbalẽ me ale be woate ŋu aƒle teƒewo eye woakpɔ woƒe dɔwɔnawo ta le se nu. Le ɣeyiɣi mawo me la, Georgia dziɖuɖumegãwo va lé aƒetɔ Mkalavishvili, si nye fada si si woxɔ dɔ le, si koŋ xɔ ŋgɔ le Ðasefoawo yome titi me kple eyomedzela aɖewo de ga. Ðasefoawo yome titi kutɔkutɔe wu enu le ƒe 2004 me.

Ale Si Nɔnɔmeawo Le Fifia

Togbɔ be ale si wowɔa nu ɖe Yehowa Ðasefo siwo le Georgia ŋu va nyo wu le ƒe siwo va yi me hã la, wogadoa kplamatsɛ woƒe subɔsubɔdɔa ɣeaɖewoɣi. Nyatakaka si va ka Europa ƒe Dedienɔnɔ Kple Ðekawɔwɔ Habɔbɔ si nyitsɔ laa ɖee fia be le ƒe 2014 me la, wowɔ ŋutasẽnu vovovo 63 ɖe Yehowa Ðasefo siwo le Georgia ŋu.

Aƒetɔ Michael Jones, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le dukɔa me, gblɔ be: “Míeda akpe na Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea be ede dzesi nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le ƒe siwo va yi me. Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be Georgia dziɖuɖua ɖoe be yeakpɔ amegbetɔwo ƒe gomenɔamesinyawo gbɔ. Míele mɔ kpɔm be nyitsɔ laa ƒe nyametsotsoa kple Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso bubuwo ana be woawɔ nu ɖe Yehowa Ðasefo siwo le Georgia ŋu nyuie ahana mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe geɖe hã wo.”

^ mm. 4 Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me le nya la ŋu le April (Afɔfiɛ) 21, 2015 dzi, gake ɣleti ɖeka megbe hafi wòva ɖe eƒe nyametsotsoa ɖe go.

^ mm. 10 Yehowa Ðasefowo Ƒe Gldani Hamea Me Tɔwo Kple Ame Bubuwo Kpakple Georgia Dziɖuɖua, nyametsotso 71156/01, 3 May 2007; kple Begheluri Kple Georgia, nyametsotso 28490/02, 7 October 2014.