Dzo kpo yi emenuwo dzi

OCTOBER 14, 2014
GEORGIA

Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea De Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesinyawo Dzi Le Georgia

Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea De Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesinyawo Dzi Le Georgia

Le October 7, 2014 dzi la, Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me wòde Yehowa Ðasefo siwo le Georgia dzi. Wotsɔ Begheluri kple ame bubuwo kpakple Georgia-dziɖuɖua ƒe nya yi ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe 12 aɖewoe nye esia. Eku ɖe ame 99 siwo ŋu wowɔ ŋutasẽnuwo ɖo alo ame siwo wodo vlo le nudzɔdzɔ vovovo 30 me la ŋu. Ame siwo katã ŋu wosẽ ŋuta le la nye Yehowa Ðasefowo negbe ame ɖeka ko. Nya sia dze egɔme esi kpovitɔwo gblẽ Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔ ƒe takpekpe gã geɖewo me eye fuléle sia va keke ta ale gbegbe be wova wɔa ŋutasẽnuwo ɖe Ðasefoawo ŋu le woƒe aƒewo me, ʋɔnudrɔ̃ƒewo kple mɔwo dzi.

Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be ame siwo ŋuti wosẽ ŋuta le la tsɔ ŋutasẽnuwɔna siawo ŋuti nya siwo ade 160 yi nyagɔmekulawo gbɔ be woaku nyawo gɔme, eye be nyatɔawo gblɔ be kpovitɔwo kple dziɖuɖumegã bubuwo ŋutɔ hã kpɔ gome le ŋutasẽnu siawo dometɔ aɖewo wɔwɔ me tẽe. Ke hã, setɔwo mewɔ naneke tso nya mawo dometɔ aɖeke ŋu o. Esi womehe to na nu gbegblẽ wɔlawo o ta la, dzi ɖo wo ƒo wogawɔ ŋutasẽnu bubuwo ɖe wo ŋu.

September 8, 2000 dzi, wodze Yehowa Ðasefowo dzi le woƒe takpekpe aɖe me le Zugdidi

Le kpɔɖeŋu me, le September 8, 2000 dzi la, Yehowa Ðasefo 700 aɖewo ƒo ƒu le Zugdidi hena mawusubɔsubɔ ƒe takpekpe aɖe. Kasia, kpovitɔ siwo tsyɔ nu mo va do ɖe wo dzi, wotɔ dzo agbadɔ siwo wotu hena takpekpea wɔwɔ, eye woƒo mawusubɔla siwo ade 50. Ame siwo ŋu wowɔ nu sia ɖo la tsɔ nyaa yi setɔwo gbɔ enumake. Gake setɔwo gbe woƒe nyaa gbɔ kpɔkpɔ eye esia na be womete ŋu ɖɔ nu siwo dome wogblẽ na wo la ɖo o.

Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea Bu Fɔ Dziɖuɖumegãwo Ðe Ale Si Womele Nyawo Gbɔ Kpɔm Nyuie O Ta

Esi dziɖuɖumegãwo metsona ɖe nyawo ŋu kaba o, wogbea nyawo gɔme kuku, eye womehea to na nu gbegblẽ wɔlawo gbeɖe o ta la, ame siwo ŋu wosẽ ŋuta le la tsɔ ŋutasẽnuwɔnawo ŋuti nyawo yi Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea le ƒe 2002 me.

Le October 7 dzi la, Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒo nya ta le eƒe nyadɔdrɔ̃ me be “Georgia dziɖuɖumegãwo dea ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe dzi ƒo esi womehea to na ŋutasẽnuwɔlawo o, eye esia wɔe be wova le ŋutasẽnuwo wɔm ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu geɖe wu le dukɔa me godoo.” Ʋɔnudrɔ̃ƒea gagblɔ hã be ŋutasẽnu dziŋɔ siwo wɔm wole ɖe “Yehowa Ðasefowo ŋu la tso fuléle dzodzro gbɔ” eye wògblɔ be “setɔwo hã ɖea ameŋkumekpɔkpɔ ƒe nɔnɔme ma ke fiana . . . , eye esia ɖo kpe edzi be ne mede ɖeke o la, dziɖuɖumegãwo ɖe mɔ ɖe ŋutasẽnuwɔnawo ŋu.”

“Georgia dziɖuɖumegãwo dea ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe dzi ƒo esi womehea to na ŋutasẽnuwɔlawo o, eye esia wɔe be wova le ŋutasẽnuwo wɔm ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu geɖe wu le dukɔa me godoo.”

Begheluri kple ame bubuwo kpakple Georgia-dziɖuɖua, xexlẽdzesi 28490/02, October 7, 2014, axa 40, memama 145

Ale wɔ Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Georgia dziɖuɖumegãwo be wowɔ nu manyomanyo ɖe ame siwo tsɔ ŋutasẽnuwɔna siawo ƒe nya va ʋɔnu dometɔ 47 ŋu eye wotu afɔkpo wo dometɔ 88 ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe. Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe gbe na dziɖuɖua be “wòatsi ŋutasẽnuwɔna siwo Ʋɔnudrɔ̃ƒea de dzesii la nu eye wòaɖɔ” eƒe mɔɖeɖe ɖe ŋutasẽnuwɔnawo ŋu kple “eƒe ameŋkumekpɔkpɔ” me tsonuwo ɖo. Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea do fe na dziɖuɖua be wòaxe ga home euro 45,000 kple edzivɔwo na ame siwo ŋuti wosẽ ŋuta le atsɔ akpata wo eye woatsɔ axe woƒe senyawo ŋu gagbegblẽwo.

Nɔnɔmeawo Ka Ðe Eme Na Yehowa Ðasefo Siwo Le Georgia

Togbɔ be nɔnɔmeawo va ka ɖe eme na Yehowa Ðasefo siwo le Georgia la ale gbegbe tso ƒe 2004 me hã la, wogawɔa ŋutasẽnuwo kple fuɖenamenuwo ɖe wo ŋu ɣeaɖewoɣi kokoko. Le ƒe 2013 me la, Yehowa Ðasefowo ka nya ta be wowɔ ŋutasẽnu 53 ɖe yewo ŋu. Begheluri ƒe nyadɔdrɔ̃a ƒoe ɖe Georgia dziɖuɖumegãwo nu be woaku nu vlo siwo wowɔ ɖe woƒe dukɔmeviwo ŋu gɔme kaba. Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be dziɖuɖua aku ame siwo wɔ ŋutasẽnuwo ɖe wo haviwo ŋu le mawusubɔsubɔ ta la ƒe nyawo gɔme ameŋkumemakpɔtɔe ahatsɔ se akplɔ nu gbegblẽ wɔlawo.