Dzo kpo yi emenuwo dzi

APRIL 15, 2015
GEORGIA

Yehowa Ðasefowo De Numeɖeɖedɔ Aɖe To Me Le April Me

Yehowa Ðasefowo De Numeɖeɖedɔ Aɖe To Me Le April Me

Le April 1, 2015 dzi la, Yehowa Ðasefowo de numeɖeɖedɔ aɖe to me be yewoayi kpovitɔwo, dudzikpɔlawo kple setɔwo ƒe dɔdzikpɔƒewo katã le Georgia-dukɔa me godoo. Taɖodzinu si le woƒe numeɖeɖedɔ sia ŋue nye be yewoana woanya nu tso Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso ɖedzesi aɖe si wòɖe gbeƒãe nyitsɔ laa ku ɖe Begheluri kple ame bubuwo kpakple Georgia-dziɖuɖua ŋu la ŋu. Esia ku ɖe ale si wotu afɔkpo Yehowa Ðasefo siwo le Georgia ƒe gomenɔamesiwo la ŋu. Numeɖeɖedɔ sia ana setɔ siawo nanya nu ku ɖe nyaa ŋutɔŋutɔ, ale si wodrɔ̃e kple Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo ŋu.

Georgia-dukɔa Ŋe Aɖaba Ƒu Ŋutasẽnuwɔnawo Dzi Va Yi

Tso ƒe 1999 va se ɖe ƒe 2003 me la, Ortodɔks Sɔlemeha ƒe nunɔla aɖe si si woxɔ dɔ le la ƒo amewo nu ƒu woƒoa Yehowa Ðasefowo vevie. Togbɔ be Ðasefoawo tsɔ nya siawo kple esiawo tɔgbi 784 sɔŋ yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒewo hã la, woŋea aɖaba ƒua nyaawo dzi eye ɣeaɖewoɣi hã, woawo ŋutɔ gɔ̃ hã kpɔa gome le ŋutasẽnuawo wɔwɔ me. Kpovitɔwo mewɔ naneke tso nya siwo katã Ðasefoawo tsɔ yi wo gbɔ dometɔ aɖeke ŋu o. Esi wònye be Georgia dziɖuɖumegãwo mele naneke wɔm tso nya la ŋu o ta la, esia wɔe be ŋutasẽnuwɔlawo ƒe asi gale dzi dem, eye wotea ŋu wɔa nu vevi Ðasefoawo le ʋɔnudrɔ̃ƒewo, le woƒe takpekpe gãwo me kple mɔwo dzi gɔ̃ hã.

Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea Ƒe Nyametsotsoa He Tɔtrɔ Gã Aɖe Vɛ

Yehowa Ðasefo siwo le Georgia tsɔ ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ame ŋuti ƒe nya eve yi Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me le nya gbãtɔ ŋu le May 2007 * eye wòtso nya me le nya evelia si ku ɖe Begheluri kple ame bubuwo kpakple Georgia ŋu le October 2014 me. Le nyametsotso evea siaa me la, Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Georgia-dziɖuɖua ɖe ale si wòkpɔ gome le ŋutasẽnuwɔwɔawo me ta, eye wòɖee fia kɔtɛe be ale si dziɖuɖua ŋe aɖaba ƒu ŋutasẽnuwɔwɔwo dzi tae ŋutasẽnuwɔwɔwo dzi ɖe edzi ɖo. Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ le Begheluri ƒe nyadɔdrɔ̃a me be, “esi Georgia dziɖuɖumegãwo mehea to na ŋutasẽnuwɔlawo o ta la, dzi ɖoa wo ƒo wowɔa ŋutasẽnuwo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le dukɔa me godoo.” *

Dzidzɔtɔe la, Georgia-dziɖuɖua ɖe nyatakaka aɖe ɖe go le ŋkeke si kplɔ Begheluri ƒe nyadɔdrɔ̃a ɖo, eye dziɖuɖua ka atam be yemagaɖe mɔ ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu azɔ o:

“Georgia ɖoe kplikpaa be yeakpɔ tamebubu, dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe kpakple amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo katã ta. Dziɖuɖua ɖoe kplikpaa be yeakpɔ egbɔ be se kplɔ ame sia ame sɔsɔe eye woahe to na ame siwo ada amegbetɔ ƒe gomenɔamesise aɖe dzi. Vevietɔ wu la, dziɖuɖua gblɔ yemagagbe tohehe na ŋutasẽnuwɔlawo alo aŋe aɖaba aƒu woƒe nuwɔnawo dzi azɔ o.”

Nuwo Nyo Ðe Edzi Le Georgia

Nuwo nyo ɖe edzi na Yehowa Ðasefo siwo le Georgia egbea sãsãsã wu ale si wònɔ tsã. Ðasefowo tea ŋu subɔna le ŋutifafa me fifia eye wokpɔa ŋudzedze ɖe ale si setɔ akpa gãtɔ kpɔa woƒe gomenɔamesiwo ta egbea la ŋu. Woɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo wotua woƒe tadeaguƒewo. Nyitsɔ laa la, wokeke woƒe dɔwɔƒegã si le dukɔa me la hã ɖe enu.

Ke hã, dziɖuɖumegã aɖewo menya nu boo aɖeke tso Yehowa Ðasefowo alo woƒe dzixɔsewo kpakple Begheluri ƒe nyadɔdrɔ̃a kple nya si dziɖuɖumegãwo gblɔ ɣemaɣi la ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, wogakpɔtɔ le ŋutasẽnuwo wɔm ɖe Ðasefowo ŋu eye womehea to na ŋutasẽnuwɔlawo o. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2014 me la, Ðasefowo ŋlɔ nu tso ŋutasẽnu siwo wowɔ ɖe wo ŋu la dometɔ 30 ya teti ŋu. Yehowa Ðasefowo gatsɔ nya siawo hã yi Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea. *

Numeɖeɖedɔ si wowɔ le April me be woatsɔ aɖe nu me na dziɖuɖumegãwo ate ŋu ana woagade bubu amegbetɔ ƒe gomenɔamesi ŋu geɖe wu le Georgia. Yehowa Ðasefowo kpɔa ŋudzedze ɖe ale si Georgia-dziɖuɖua ɖoe kplikpaa be yemagagbe tohehe na ŋutasẽnuwɔlawo o la ŋu, eye wole mɔ kpɔm be dziɖuɖua akplɔ ame siwo wɔ ŋutasẽnuwo ɖe amewo ŋu le subɔsubɔnyawo ta la ayi ʋɔnui.

^ mm. 6 Yehowa Ðasefowo ƒe Gldani Hamea me tɔwo kple ame bubuwo kpakple Georgia, xexlẽdzesi 71156/01, May 3  2007.

^ mm. 6 Begheluri kple ame bubuwo kpakple Georgia, xexlẽdzesi 28490/02, memama 145, October 7, 2014.

^ mm. 11 Tsartsidze kple Georgia, xexlẽdzesi 18766/04, wotsɔ nyaa yii le May 26, 2004 — Ame siwo ŋu dziɖuɖumegãwo sẽ ŋuta le alo dziɖuɖumegãwo nɔ eteƒe wonɔ ŋuta sẽm le wo ŋu evɔ womexɔ na wo o; Biblaia kple ame bubuwo kpakple Georgia, xexlẽdzesi 37276/05, wotsɔ nyaa yii le September 10, 2005 — Ame siwo ŋu dziɖuɖumegãwo sẽ ŋuta le alo dziɖuɖumegãwo nɔ eteƒe wonɔ ŋuta sẽm le wo ŋu evɔ womexɔ na wo o; Tsulukidze kple ame bubuwo kpakple Georgia, xexlẽdzesi 14797/11, wotsɔ nyaa yii le January 27, 2011 — Wogbe ŋutasẽnu asieke siwo wowɔ ɖe Ðasefowo ŋu le woƒe mawusubɔsubɔ ta la gɔme kuku.