Dzo kpo yi emenuwo dzi

APRIL 7, 2014
GERMANY

Aƒetɔ Richard Rudolph Si Tsi Agbe Le Fuwɔamegaxɔ Me La Ku Le Germany Le Eƒe Ƒe 102 Lia Xɔxɔ Me

Aƒetɔ Richard Rudolph Si Tsi Agbe Le Fuwɔamegaxɔ Me La Ku Le Germany Le Eƒe Ƒe 102 Lia Xɔxɔ Me

SELTERS, Germany​—Richard Rudolph, si nye Yehowa Ðasefo aɖe si wolé de ga le Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔ atɔ̃ me eye wònɔ Kɔmiunisttɔwo ƒe gaxɔ hã me la, ku le January 31, 2014 dzi. Exɔ ƒe 102.

Esime Nazitɔwo xɔ zia le ƒe 1933 me la, woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi le Germany. Esia wɔe be Nazitɔwo de Ðasefo 11,300 ga, wode wo dometɔ 4,200 fuwɔamegaxɔ me, eye Aƒetɔ Rudolph hã le wo dome. Wo dometɔ 1,500 aɖewo ku. Le Nazi dziɖuɖua te la, Aƒetɔ Rudolph nɔ ga me hena ƒe asieke. Wokplɔe yi fuwɔamegaxɔ atɔ̃ hã me, eye fuwɔamegaxɔ siawo dometɔ siwo xɔ ŋkɔ wue nye Sachsenhausen kple Neuengamme fuwɔamesaɖawo. Le teƒe eve siawo la, wode ame 300,000 kple edzivɔwo ga eye ame 140,000 kple edzivɔwoe ku.

Richard Rudolph (le xɔ ta, ɖusime ɖaa) nye gamenɔla siwo dzi wozi be woatu Neuengamme fuwɔamegaxɔa le ƒe 1940 me la dometɔ ɖeka.

Le ƒe 1944 me la, woɖe Aƒetɔ Rudolph yi Neuengamme fuwɔamesaɖaa me le Salzgitter-Watenstedt. Le eƒe mawudzixɔsewo ta la, egbe be yemawɔ dɔ siwo lɔ aʋawɔnuwo wɔwɔ ɖe eme o, eye esia wɔe be wodo ŋɔdzi nɛ be yewoawui. Gake ale si Rudolph lé eƒe mawudzixɔwo me ɖe asi la wɔ nuku na SS-srafomegã aɖe eye wòtsɔe ɣla ɖe ʋu aɖe si tsɔa nuɖuɖuwo la me, esia wɔe be womewui o.

Le xexemeʋa II lia megbe la, Aƒetɔ Rudolph gayi eƒe subɔsubɔwɔnawo dzi abe Yehowa Ðasefo ene le Nuto Si Le Soviet Dziɖuɖua Te si wova yɔ emegbe be German Demokrasidukɔ la me. Wogalée emegbe de ga le ƒe 1950 me. Le wo katã me la, enɔ ga me ƒe 19 sɔŋ le eƒe mawudzixɔsewo ta.

Ann-Jacqueline Frieser kple Richard Rudolph, si ƒe agbemeŋutinya na wòɖu dzi le ƒe 2009 me.

Aƒetɔ Richard Rudolph ɖoe kplikpaa ƒe geɖe be yeagblɔ Biblia me gbedeasia kple nu siwo wòsrɔ̃ va yi tso ale si gbegbe vovototodede amewo me gblẽa nui ŋu la na amewo. Le ƒe 2009 me la, Ann-Jacqueline Frieser, si nye sukuvi aɖe le Germany la, ɖu dzi zi eve le Dukplɔlaa Ƒe Ŋutinya Ƒe Hoʋiʋli si ƒe tanyae nye “Kalẽawo: Wode Bubu Wo Ŋu – Womese Woƒe Nyawo Gɔme O – Woŋlɔ Wo Be” la me le ale si wògblɔ Richard Rudolph ƒe agbemeŋutinya hebia gbee la ta. Exɔ ɖoƒe gbãtɔ le Rheinland-Palatinate Nutoa ƒe hoʋiʋlia me eye wònye ame etɔ̃ gbãtɔ siwo ɖu dzi le Dukɔa ƒe hoʋiʋlia me la dometɔ ɖeka.

Aƒetɔ Wolfram Slupina, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Germany, gblɔ be: “Aƒetɔ Richard Rudolph nye xɔlɔ̃ kple hati tadeagula nyui aɖe, eye gakpe ɖe eŋu la, egblẽ ŋutinya wɔdɔɖeamedzi hã ɖi na mí. Eƒe xɔse ɖedzesi kpakple eƒe dzinɔameƒo la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí katã.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Germany: Wolfram Slupina, tel. +49 6483 41 3110