Dzo kpo yi emenuwo dzi

OCTOBER (KELE) 20, 2015
GHANA

Ðasefo Siwo Le Ghana Tso Kpla Na Kpekpeɖeŋu Esi Tsi Ðɔ Ðe Amewo

Ðasefo Siwo Le Ghana Tso Kpla Na Kpekpeɖeŋu Esi Tsi Ðɔ Ðe Amewo

ACCRA, Ghana—Le August (Dasiamime) 2015 ƒe nuwuwu la, Yehowa Ðasefowo wu kpekpeɖeŋunana ame siwo ƒe nuwo tsi ɖe le Ghana ƒe fiadu Accra me la nu. Tsiɖɔɖɔ dziŋɔ aɖe gblẽ amewo ƒe nunɔamesiwo kple aƒewo dome eye ame 200 kple edzivɔ ƒe agbe tsi eme.

Nutoa me Ðasefowo le asi fiam afi si tsia va ɖo le woƒe haxɔsetɔ aɖe ƒe aƒe me.

Togbɔ be Ðasefo aɖeke ƒe agbe metsi eme o hã la, tsiɖɔɖɔa na be wo dometɔ 250 aɖewo ʋu le woƒe aƒewo me. Le June (Masa) 4, 2015, si nye tsiɖɔɖɔa ƒe ŋufɔke dzi la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ghana ɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti aɖe anyi, eye kɔmitia biã ŋku ɖe kpekpeɖeŋu siwo ameawo hiã kpata la nana ŋu, wotsɔ kuntruwo, avɔwo kple tsi yi na ame siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le. Kɔmitia wɔ ɖoɖo hã wodzra aƒe siwo tsi ɖe la hã ɖo. Ðasefo siwo le Accra-nutoa me hã kpe asi ɖe dɔ sia ŋu, esi wona woƒe haxɔsetɔ siwo tsi ɖe la va tsi woƒe aƒewo me gbɔ.

Aƒetɔ Dossou Amevor (le miame ɖaa) si nye Kpekpeɖeŋunakɔmitia ƒe zimenɔla le beliwo mama dɔ si wode to me le Atiman Fiaɖuƒe Akpata me le Madina le Accra la dzi kpɔm.

Tsiɖɔɖɔa na mɔmemidzraƒe aɖe lé dzo le Adabraka eye pɔmpikawo dome gblẽ, si wɔe be nuto ma me tɔwo megakpɔ tsi azã o. Alɔdzedɔwɔƒea tsɔ tsigo gã aɖe va da ɖe Fiaɖuƒe Akpata (tadeaguƒe) si le Adabraka la me, ale be Ðasefoawo kple woƒe aƒelikawo nakpɔ tsi azã.

Le Memleɖa, June (Masa) 6 dzi la, alɔdzedɔwɔƒea dɔ atikewɔlawo ƒe hatsotso eve ɖo ɖe teƒeawo, ɖɔkita atɔ̃ kple dɔnɔdzikpɔla eve siwo katã nye Ðasefowo kpɔ woƒe haxɔsetɔwo kple ame bubu siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le le nuto siwo woyɔna be Alajo kple Adabraka me la gbɔ. Wokpɔ lãmesẽnya vovovowo gbɔ, ɖewo nye asrã alo atikesi, akɔtadɔ eye ɖewo hã mitsinyenye. Alɔdzedɔwɔƒea ƒe teƒenɔlawo kple Ðasefo siwo le nutoa me hã yi ɖakpɔa woƒe haxɔsetɔwo ɖa eye wogblɔa Biblia me nyawo tsɔ dea dzi ƒo na wo hefaa akɔ na wo.

Woɖe foto ɖɔkita atɔ̃ kple dɔnɔdzikpɔla eve siwo katã nye Ðasefowo la le Adabraka Fiaɖuƒe Akpata me, eye afi siae wokpɔ dɔnɔawo gbɔ le.

Aƒetɔ Nathaniel Gbedemah, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Ghana gblɔ be: “Nu siwo gbegbe dome Accra tsiɖɔɖɔa gblẽ kple ame siwo gbegbe ƒe agbe tsi eme la te ɖe mía dzi ŋutɔ. Abe ale si Yehowa Ðasefowo wɔe le nuto bubuwo me ene la, míele nu siwo katã míate ŋui la wɔm le seselelãme, ŋutilã me kple gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu nam ame siwo ŋuti tsiɖɔɖɔ sia gblẽ nu le.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Ghana: Nathaniel Gbedemah, tel. +233 30 701 0110