Dzo kpo yi emenuwo dzi

NOVEMBER 4, 2014
GREECE

Dukɔwo Dome Takpekpe Ŋuti Nyatakakawo: Yehowa Ðasefowo Wɔ Takpekpe Le Olimpik Fefewɔƒe Si Le Hela

Dukɔwo Dome Takpekpe Ŋuti Nyatakakawo: Yehowa Ðasefowo Wɔ Takpekpe Le Olimpik Fefewɔƒe Si Le Hela

Samuel Herd (le ɖusime), si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔ, ye wua ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe wɔnawo nu kple Biblia me nuƒo si gɔme woɖena ɖe Helagbe me.

Ame siwo xɔ nyɔnyrɔ le wɔnaa me le Memleɖa, June 28 ƒe agbɔsɔsɔe nye 337, ame siawo dometɔ 305 xɔe le Hela eye 32 xɔe le Cyprus.

ATENE, Greece (Hela)—Yehowa Ðasefo siwo le Hela wɔ “Yi Edzi Nànɔ Mawu Fiaɖuƒea Dim Gbã!” Dukɔwo Dome Takpekpe!” le Atene Olimpik Fefewɔƒe, afi si wowɔ ƒe 2004 Olimpik Fefewo le, tso June 27 va se ɖe 29, 2014. Biblia-srɔ̃la 35,863 va ƒo ƒu ɖe fefewɔƒe ma. Ame 3,093 bubuwo hã kpɔ gome le wɔnaa ƒe akpa vevi aɖewo me le Belgium kple Cyprus (Kipro) to videokadodo dzi. Ale wɔ vavalawo katã ƒe agbɔsɔsɔme va le 38,956.

Takpekpea valawo dometɔ aɖewo tso Croatia, Hungary, Korea, Romania, South Africa, Turkey kple Amerika. Olimpik Fefewɔƒea dzi kpɔla Christina Michail gblɔ be: “Ewɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ be nàkpɔ ame ƒomevi vovovo siwo tso dukɔ vovovowo me, wo katã wonɔ anyi ɖekae, le foto ɖem ɖekae; enya kpɔ nam ŋutɔ . . . Eɖe dzesi ŋutɔ. Nu sia tɔgbi medzɔna le fefewɔƒe sia zi geɖe o. Zi geɖe la, fefewɔhawo kple wo dzi delawoe vaa afi sia; eye woƒe nuwɔnawo toa vovo; esia ta nu sia teƒe kpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe mía dzi alea gbegbe ɖo.”

Ame siawo de takpekpea le Atene Olimpik Fefewɔƒea.

Aƒetɔ Robert Kern, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Hela, gblɔ be: “Míexɔ lɛta geɖe siwo amewo ŋlɔ tsɔ ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe wɔnaa kple mɔnukpɔkpɔ si su wo si wova de ha kple wo nɔvi siwo tso xexea me godoo la ta. Ewɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ be míaƒe haxɔsetɔwo tso dukɔ vovovowo me va wɔ ɖeka kpli mí hena wɔna sia si míaŋlɔ be gbeɖe o la.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Hela: Babis Andreopoulos, tel. +30 210 617 8606