Dzo kpo yi emenuwo dzi

May 6, 2015
GUATEMALA

Guatemala-sukuwo Le Yehowa Ðasefowo Ƒe Agbalẽwo Zãm Tsɔ Le Sɔhɛwo Ƒe Ŋutasẽnuwɔwɔ Nu Tsim

Guatemala-sukuwo Le Yehowa Ðasefowo Ƒe Agbalẽwo Zãm Tsɔ Le Sɔhɛwo Ƒe Ŋutasẽnuwɔwɔ Nu Tsim

MEXICO CITY—Guatemala-suku etɔ̃ bia tso Yehowa Ðasefowo si be woana woƒe agbalẽwo yewo yewoatsɔ afia nu sukuviwo. Yehowa Ðasefowo na agbalẽ 3,500 siwo le Spaingbe kple Quichégbe me la sukuawo. Quichégbe nye Amerika Indiatɔwo ƒe gbe aɖe si nye Mayagbe ƒomevi aɖe si wodona le Guatemala ƒe ɣedzeƒetonyigbawo dzi..

Dziɖuɖu Ƒe Kɔƒenutowo Me Gɔmedzesuku si le Paraje Xepec: Nufiala aɖe zã Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ siwo nye Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo kple Nye Biblia Nusɔsrɔ̃wo tsɔ le nu fiam sukuviwo.

Sukuawo do ta ɖe Yehowa Ðasefowo gbɔ, elabena Yehowa Ðasefowo nye habɔbɔ ʋɛ siwo taa agbalẽwo ɖe Quichégbe me la dometɔ ɖeka, eye woƒe agbalẽwo dometɔ geɖe ƒoa nu tso kuxi siwo me tom Guatemala-sɔhɛwo le la ŋu. Nufialagã Maria Cortez gblɔ le agbalẽ si Dziɖuɖu Ƒe Kɔƒenutowo Me Gɔmedzesuku si le Paraje Xepec ɖo ɖa tsɔ bia agbalẽawo me be, agbalẽ siawo akpe ɖe yewo ŋu “yewoakpɔ agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo amegbetɔƒomea hiã vevie la ta.”

Elisa Molina de Sthall Dziɖuɖu Ƒe Kɔƒenutowo Me Suku: Sukuviwo le Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo si le Quichégbe me xlẽm.

Numekuku si yi edzi nyitsɔ laa ɖee fia be sɔhɛwo ƒe nu vlo wɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ le dzidzim ɖe edzi le Guatemala-dukɔ bliboa me. Le susu sia ta la, woto habɔbɔ geɖewo vɛ le Guatemala siwo dometɔ ɖekae nye Mɔxexe Ðe Ŋutasẽnuwo Nu Ƒe Ðoɖo kple susu be woana hehe “sukuviwo, dzilawo, nufialawo, nutoa me dziɖuɖumegãwo kple nutoa me tɔwo katã be woawɔ ɖoɖo be dedienɔnɔ nanɔ sukuwo me, eye woawɔ ɖoɖo ɖe sukufefewo kple asinudɔwo fiafia hã ŋu.” Esia ta Dukɔa Ƒe Gɔmedzesuku Si Me Wosrɔ̃a Nu Tso Agbledede Hã Ŋu Le, Elisa Molina de Sthall Dziɖuɖu Ƒe Kɔƒenutowo Me Suku kpakple Dziɖuɖu Ƒe Kɔƒenutowo Me Gɔmedzesuku si le Paraje Xepec bia be Ðasefowo naɖo Quichégbe me gbalẽ si nye Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo ɖe yewo. Dukɔa Ƒe Gɔmedzesuku Si Me Wosrɔ̃a Nu Tso Agbledede Hã Ŋu Le bia hã be Ðasefoawo naɖo woƒe agbalẽ si kpena ɖe sɔhɛwo ŋu si ƒe tanyae nye Nya Siwo Sɔhɛwo Biana-Ŋuɖoɖo Siwo Wɔa Dɔ ƒe Babla 1 kple 2 siwo le Spaingbe me ɖe yewo. Sukuawo na agbalẽawo sukuviawo dzilawo ale be woate ŋu akpe aɖe wo viwo ŋu woadzra ɖo ɖe woƒe sukudɔdeasi siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋuti nusɔsrɔ̃ ŋu le aƒe me ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, sukua le video siwo nye Vi Nudomegblẽlaa Trɔ Gbɔ, si Yehowa Ðasefowo wɔ la zãm tsɔ le nu fiam sukuviawo.

Erick De Paz, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Guatemala gblɔ be: “Togbɔ be míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míagblɔ Biblia me gbedeasia na amewo le woƒe aƒewo me hã la, enye dzidzɔ na mí be nufialawo kple dzilawo siaa le míaƒe agbalẽwo zãm tsɔ le kpekpem ɖe sɔhɛwo ŋu.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Guatemala: Juan Carlos Rodas+502 5967 6015

Mexico: Gamaliel Camarillo, tel. +52 555 133 3048