Dzo kpo yi emenuwo dzi

NOVEMBER (ADEƐMEKPƆXE) 11, 2014
INDIA

India Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Ƒe Nyametsotso Ðedzesi Aɖe De Nuƒoƒo Ƒe Ablɔɖe Dzi Ƒe 30 Kloe Nye Esia

India Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Ƒe Nyametsotso Ðedzesi Aɖe De Nuƒoƒo Ƒe Ablɔɖe Dzi Ƒe 30 Kloe Nye Esia

July (Siamlɔm) 8, 1985 ƒe ŋkekea dze egɔme le suku aɖe si le Kerala, si nye du sue aɖe le India ƒe anyieheɣedzeƒenuto me, abe gbe sia gbe ko ene. Gake le ŋkeke ma dzi la, sukutatɔa ɖe gbe be sukuviwo nadzi woƒe duha si nye, “Jana Gana Mana,” le woƒe sukuxɔwo me. Wobia tso sukuviwo katã si be woatso adzi ha la. Gake ƒe-15-vi Bijoe kple nɔvia nyɔnu Binu Mol si xɔ ƒe 13 kpakple Bindu si xɔ ƒe 10 medzi ha la o. Esi wònye Yehowa Ðasefowoe wonye ta la, woƒe dzitsinya meɖe mɔ na wo be woadzi ha la o, elabena woxɔe se vevie be ha ma dzidzi nye trɔ̃subɔsubɔ eye anye nuteƒemawɔmawɔ na yewoƒe Mawu Yehowa.

Aƒetɔ V. J. Emmanuel, ɖeviawo fofo ƒo nu kple sukutatɔa kple nufiala kpɔnuteƒewo, eye wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe mɔ na ɖeviawo woade sukua eye mahiã be woadzi duhaa o. Gake ame aɖe si wɔa dɔ le sukua me la ƒe to fi woƒe dzeɖoɖoa eye wòyi ɖaka eta na setɔwo. Mlɔeba la, nya la va ɖo Sewɔƒemenɔla aɖe ƒe to me eye wòtsɔ nyaa yi woƒe Sewɔƒea be woadzro eme, elabe ebu ɖeviawo ƒe nuwɔna sia be enye dedumalɔmalɔ̃. Le ema megbe kpuie la, sukudzikpɔlawo ƒe amegã aɖe ɖe gbe na sukutatɔa be ne ɖeviawo melɔ̃ be yewoadzi duha o la, nenya wo le sukua. Aƒetɔ Emmanuel bia tso sukumegãwo si be woagbugbɔ ɖeviawo axɔ ɖe sukua me, gake ɖeko wòglo. Eŋlɔ agbalẽ na Kerala Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gã la be wòakpɔ nyaa gbɔ na yewo. Esi ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be etɔ medzɔ o megbe la, etsɔ nya la India Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ be wòagbugbɔ nya adrɔ̃ na ye.

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa De Gomenɔamesi Siwo Le Dukplɔsea Me Dzi

Le August (Dasiamime) 11, 1986 dzi la, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ te fli ɖe Kerala Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gã ƒe nyametsotso le Bijoe Emmanuel Kple Kerala-dua ƒe nya la me. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be ɖeviwo nyanya le suku le nane si wogbe be yewomawɔ o le “woƒe mawudzixɔse ta” nye dada le India-dukɔa ƒe Dukplɔsea dzi. Ʋɔnudrɔ̃la O. Chinnappa Reddy gblɔ be: “Ame aɖeke mekpɔ mɔ azi . . . ehavi dzi be wòadzi ha o.” Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒo nya ta be nuƒoƒo kple susuɖegblɔ ƒe ablɔɖe lɔ gome si le ame si be wòazi ɖoɖoe hã ɖe eme, eye tsitrenɔnɔ ne wole dukɔ ƒe ha dzim hã nye bubudede dukɔa ŋu si sɔ. Ʋɔnudrɔ̃ƒea bia tso sukutatɔwo si be woagbugbɔ ɖeviawo axɔ ɖe sukuawo me.

Ʋɔnudrɔ̃la Reddy gblɔ be: “[Yehowa Ðasefowo] medzia Duha le dukɔ aɖeke me o, eɖanye ‘Jana Gana Mana’ le India, ‘God save the Queen’ le Britain, ‘The Star-Spangled Banner’ le Amerika o. . . . Wogbea duhawo dzidzi le woƒe mawudzixɔse siwo me wolé ɖe asi vevie kple ale si woka ɖe edzi vevie be yewoƒe mawusubɔsubɔ meɖe mɔ na yewo be yewoakpɔ gome me le kɔnu aɖeke me o negbe gbedodoɖa na yewoƒe Mawu Yehowa ko la tae.”

Nyadɔdrɔ̃ Aɖe Si Zu Kpɔdzidze Na Ʋɔnudrɔ̃lawo Le Mawusubɔsubɔ Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔ Kpɔkpɔ

Bijoe Emmanuel Kple Kerala-dua ƒe nyadɔdrɔ̃ la ɖe dzesi ŋutɔ, elabena eɖo kpe edzi be mele se nu be woazi ame aɖeke dzi be wòada eƒe mawudzixɔsewo dzi o. Togbɔ be Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be gomenɔamesi vevi siawo meƒo dukɔa ƒe se bubuawo ta o, eya ta ele be woawɔ ɖeka kple dukɔa ƒe ɖoɖo, agbe nyui nɔnɔ ƒe sewo kple lãmesẽnyawo hã la, egblɔ be dukɔa mekpɔ mɔ awɔ se siwo axe mɔ ɖe dukɔmeviwo ƒe ablɔɖe nu madzemadzee o. Egblɔ le eƒe nyametsotsoa me be: “Edze kɔtɛe be sukuvi ɖe sia ɖe dzi zizi be wòadzi Duha togbɔ be egbe be yemawɔe le eƒe mawudzixɔse siwo me wòlé asi vevie ta o hã la . . . nye dada le [India Dukplɔsea] ƒe Seti 19(1)(a) kple Seti 25(1) dzi.”

Nyametsotsoa de habɔbɔ siwo me tɔwo mesɔ gbɔ o la hã ƒe ablɔɖe siwo wona le dukplɔsea me la dzi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be: “Nu si ɖoa kpe edzi ŋutɔŋutɔ be dukɔ aɖe nye demokrasidukɔ vavãe nye ale si wonana habɔbɔ siwo me tɔwo mesɔ gbɔ o gɔ̃ hã sena le wo ɖokuiwo me be dukɔa ƒe Dukplɔsea kpɔa yewo ta.” Ʋɔnudrɔ̃la Reddy gblɔ kpee be: “Míawo ŋutɔwo míaƒe susuwo kple nuwɔnawo mele vevie le nya sia me o. Ne kpeɖodziwo le amea ƒe mawudzixɔsewo ŋu eye eƒe dzitsinya ʋãe wòlé wo me ɖe asi la, ke ele be [Dukplɔsea] ƒe Seti 25 lia nakpɔ eta.”

“Míaƒe dekɔnuwo fia mí be míana ablɔɖe amewo; míaƒe nufiafiawo dea ablɔɖenana amewo ƒe dzi ƒo; ele míaƒe dukplɔsea me be míana ablɔɖe amewo; migana míatɔ tsii o.”—Ʋɔnudrɔ̃la O. Chinnappa Reddy

Dɔ Si Nyametsotso Sia Wɔ Ðe Dukɔmeviwo Dzi

Wodzro Bijoe Emmanuel Kple Kerala-dua ƒe nyadɔdrɔ̃ ƒe nyametsotsoa me le Sewɔƒea me. Wofiaa nyametsotso sia me nyawo le senyalawo ƒe sukuwo me ne wole nu srɔ̃m tso dukplɔse la ŋu. Wogakpɔtɔ ƒoa nu tso eŋu le nyadzɔdzɔgbalẽ siwo ƒoa nu tso ʋɔnudrɔ̃nyawo ŋu kple nyadzɔdzɔgbalẽ bubuwo me be enye nyametsotso vevi xɔŋkɔ si de dukɔmeviwo ƒe ablɔɖe dzi le India. Nyametsotsoa wɔe be mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe su amewo katã ƒomevi si le India. Wowɔa eŋu dɔ ɣesiaɣi si nuƒoƒo kple susuɖegblɔ ƒe ablɔɖe di be yeaɖo afɔku me le India.

Gomenɔamesi Siwo Le Dukplɔsea Me Ta Kpɔkpɔ Ðea Vi Na Ame Sia Ame

Emmanuel ƒe ƒomea egbea (ame siwo le megbe tso miame yi ɖusime) Binu, Bijoe, kple Bindu; (ŋgɔgbetɔwo) V. J. Emmanuel kple Lillykutty

Ɣemaɣi la, Emmanuel ƒe ƒomea to vlodoame geɖe me, eye dziɖuɖumegãwo ƒo nya ɖe wo nu, eye wodo ŋɔdzi na wo gɔ̃ hã be yewoawu wo, gake meve wo kura be yewolé yewoƒe mawudzixɔsewo me ɖe asi o. Via nyɔnu Bindu, si ɖe srɔ̃ eye vi le eya hã si fifia la gblɔ be: “Nukutɔe la, medo go senyala aɖe si srɔ̃ nu tso nye nyadɔdrɔ̃a ŋu le senyalawo ƒe suku. Ekpɔ ŋudzedze ɖe avu siwo Yehowa Ðasefowo wɔ le ʋɔnu ale be woakpɔ amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ta la ŋu ale gbegbe.”

Aƒetɔ V. J. Emmanuel gblɔ be: “Nyitsɔ laa la, medo go Ʋɔnudrɔ̃la K. T. Thomas, si nye ʋɔnudrɔ̃la le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ kpɔ hafi va xɔ dzudzɔ. Esi wòsee be nyee nye ɖevi etɔ̃ siwo wonya le suku le duhaa madzimadzi ta fofo la, ekafum eye wògblɔ nam be ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔ su ye si yeaƒo nu na senyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe la, yeƒoa nu tso duha ƒe nya la ŋu, elabe ebui be enye dziɖuɖu gã aɖe le amegbetɔ ƒe gomenɔamesinyawo me.”

Ƒe 30 kloe nye esia le Bijoe Emmanuel Kple Kerala-dua ƒe nyadɔdrɔ̃a ƒe nyametsotsoa nye nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ƒe gɔmeɖokpe vevi aɖe le India. Enye dzidzɔ na Yehowa Ðasefowo be yewowɔ akpa aɖe le dukɔmeviwo katã ƒe ablɔɖenyawo me le India.