Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ƒutsotsoe gãwo va gbã ɖe mɔ aɖe to le Japan ƒe anyieheɣetoɖoƒe

OCTOBER 10, 2019
JAPAN

Ahom Sesẽ Si Woyɔ Be Tapah Gblẽ Nu Le Japan Ƒe Anyiehe

Ahom Sesẽ Si Woyɔ Be Tapah Gblẽ Nu Le Japan Ƒe Anyiehe

Tso September 21 va de asi na 23, 2019 la, ahom sesẽ si woyɔ be Tapah la tu le Japan ƒe anyiehe si he yaƒoƒo sesẽwo kple tsidzadza gãwo vɛ. Ahom sia wɔe be yameʋuwo kple ketekewo mete ŋu wɔ dɔ o, eye dzo menɔ aƒe 30,000 kple edzivɔ me o. Le du siwo nye Okinawa kple Kyushu me la, nu vevi wɔ ame 50 kple edzivɔ.

Japan alɔdzedɔwɔƒea ka nya ta be nu vevi wɔ gbeƒãɖela atɔ̃, eye wo dometɔ ɖeka nye nɔvinyɔnu aɖe si wosika ɖe kɔdzi. Nu gblẽ le mía nɔviwo ƒe aƒe siwo wu 50 la ŋu. Afɔku Ŋuti Kpekpeɖeŋunakɔmiti aɖe kple nɔviŋutsu siwo dze la tso kpla le ŋutilãme kple gbɔgbɔme kpekpeɖeŋu si gbeƒãɖela siwo ŋu ahom la gblẽ nu le hiã la nam wo. Japan alɔdzedɔwɔƒea ayi edzi alé ŋku ɖe ale si nuwo le na nɔvi siwo ŋu ahom la gblẽ nu le la ŋu ahana kpekpeɖeŋu si wohiã la wo.

Míedo gbe ɖa be mía nɔvi siwo le Japan la ayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòafa akɔ na wo le ɣeyiɣi sesẽ siawo me.—Psalmo 94:19.