Dzo kpo yi emenuwo dzi

NOVEMBER (ADEƐMEKPƆXE) 5, 2014
KYRGYZSTAN

Kyrgyzstan Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gãtɔ De Yehowa Ðasefowo Ƒe Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Dzi

Kyrgyzstan Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gãtɔ De Yehowa Ðasefowo Ƒe Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Dzi

September (Anyɔnyɔ) 4, 2014, nye ŋkeke vevi aɖe na Yehowa Ðasefowo kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe le Kyrgyzstan. Le ŋkeke ma dzi la, Kyrgyzstan ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Dukplɔseŋubuha gblɔ be Mawusubɔsubɔŋutise * si wode le ƒe 2008 me la ƒe akpa aɖewo mewɔ ɖeka kple dukplɔsea o. Woƒe nyametsotsoa ɖo kpe edzi be Ðasefowo kpɔ mɔ awɔ woƒe mawusubɔsubɔdɔwo le ablɔɖe me le Kyrgyzstan ƒe anyiehenutowo me, afi si wogbe woƒe habɔbɔa dede agbalẽ me le se nu le ƒe ene siwo va yi me.

Wode Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa agbalẽ me le se nu le Kyrgyzstan dziɖuɖua gbɔ le ƒe 1998 me, eye wodee agbalẽ me le nuto vovovo siwo le dukɔ bliboa me hã gbɔ, eye wowɔa woƒe mawusubɔsubɔdɔwo le ablɔɖe me le dukɔa me godoo. Gake tso esime wode Ƒe 2008 Mawusubɔsubɔŋutisea la, kpovitɔwo va dzea Yehowa Ðasefowo dzi enuenu le woƒe kpekpewo me le Kyrgyzstan ƒe anyiehenutowo me, eye wogblɔna be Ðasefowo ƒe dɔa “mele se nu” le nuto siawo me o, elabe womede wo agbalẽ me le se nu be wonye subɔsubɔha o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Dukɔa Ƒe Kɔmiti Si Kpɔa Mawusubɔsubɔnyawo Gbɔ hã wɔ Ƒe 2008 Mawusubɔsubɔŋutisea ŋuti dɔ tsɔ gblẽa agbagba siwo Yehowa Ðasefo siwo le nuto siawo me dzena be yewoade yewoƒe dɔwo agbalẽ me le se nu la me. September (Anyɔnyɔ) 4 ƒe nyametsotso va ɖe mɔxenu siawo katã ɖa.

Nudzɔdzɔ Ðedzesi Aɖe Le Senyawo Gome

Ƒe 2008 Mawusubɔsubɔŋutisea de se be “subɔsubɔha aɖeke mekpɔ mɔ awɔ dɔ” ne womedee agbalẽ me le se nu le (Ðoɖo 8(2)) nu o. Dukɔa Ƒe Kɔmitia wɔ se sia ŋuti dɔ tsɔ xe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo nu le Kyrgyzstan du gã kple nuto geɖe siwo me womede woƒe subɔsubɔha agbalẽ me le se nu o la me. Se ma ke bia be hafi woade subɔsubɔha aɖe agbalẽ me le se nu la, ele be woaɖo subɔsubɔha la akameti 200 ƒe ŋkɔwo ɖe nutomeɖaŋudeha wòada asi ɖe wo dzi le (Ðoɖo 10(2)) lia nu hafi subɔsubɔha ma ate ŋu abia tso Dukɔa Ƒe Kɔmitia si be wòade yewoƒe habɔbɔa agbalẽ me le se nu. Esia sesẽ na Yehowa Ðasefowo, elabe Dukɔa Ƒe Kɔmitia gblɔ na wo be hafi woate ŋu akpe hena woƒe subɔsubɔwɔnawo la, ele be woade woƒe habɔbɔa agbalẽ me le se nu le woƒe nutoa me, evɔ esia mate ŋu anya wɔ o, elabe nutomeɖaŋudehaawo gbe be yewomada asi ɖe subɔsubɔhaa ƒe akameti siwo ƒe ŋkɔwo woɖo ɖe wo la dzi o. Esia na mɔnu Dukɔa Ƒe Kɔmitia kple nutomeɖaŋudehaawo be woaɖe fu na Ðasefowo, elabe womate ŋu ade woƒe subɔsubɔha agbalẽ me o. Le esia ta la, Ðasefoawo tsɔ nya la yi Dukplɔseŋubuhaa gbɔ hetsɔ nya ɖe ɖoɖo sia si le sea me la ŋu be mewɔ ɖeka kple dukplɔsea o.

Dukplɔseŋubuha la gblɔ le eƒe nyametsotsoa me be “gome le mawusubɔsubɔhawo katã si sɔsɔe le sea nu, eye mele be woawɔ nu ɖe subɔsubɔha alo ame ƒomevi aɖewo ŋu nyuie wu bubuwo o.” Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be Ðoɖo 10(2)​—si bia be nutomeɖaŋudehawo nada asi ɖe subɔsubɔhawo ƒe akametiwo ƒe ŋkɔ dzi hafi woate ŋu ade subɔsubɔha agbalẽ me le se nu la​—mewɔ ɖeka kple dukplɔsea o. Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒo nya ta be wowɔ se la ƒe Ðoɖo 8(2) lia ŋuti dɔ “madzemadzee.” Egblɔ kpee be mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe na mɔnu subɔsubɔha ɖe sia ɖe be wòawɔ eƒe dɔwo le dukɔa ƒe nuto ɖe sia ɖe si wòfia asii le eƒe haɖogbalẽa me la me. Yehowa Ðasefowo gblɔ xoxo le ƒe 1998 ƒe haɖogbalẽ si wotsɔ de woƒe habɔbɔa agbalẽ me le se nu le Kyrgyzstan dziɖuɖua gbɔ me be yewoƒe dɔa ayi edzi le dukɔ bliboa me. Esia fia be Yehowa Ðasefowo kpɔ mɔ azɔ awɔ woƒe subɔsubɔdɔwo le Kyrgyzstan-dukɔ bliboa me mɔxenu aɖeke manɔmee.

Nyametsotsoa Na Gbɔdzɔe Ame siwo Wotɔ Ŋkui

September (Anyɔnyɔ) 4 ƒe nyametsotsoa nye dzidzɔnya gã aɖe na Yehowa Ðasefo siwo le Kyrgyzstan ƒe anyiehenutowo me. Esia gale etɔxɛe ŋutɔ le aƒenɔ Oksana Koriakina kple nɔa Nadezhda Sergienko si le du si woyɔna be Osh me la gome. Wosika wo ame evea ɖe aƒe me tso March (Tedoxe) 2013 me ɖe nya aɖe si wotsɔ ɖe wo ŋu be wowɔ nu vlo esime wole nu ƒom tso woƒe mawudzixɔsewo ŋu ta. Togbɔ be kpeɖodziawo ɖee fia kɔtɛe be aƒenɔ Oksana Koriakina kple nɔa Nadezhda Sergienko meɖi fɔ o hã la, wotso wo nu be woba ga le nyagãɖeɖi etɔ̃ aɖewo si.

Kodzoɖoɖoa va eme le Osh-dua me le September (Anyɔnyɔ) 2014 me kple October (Kele) 7, 2014 dzi, eye ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be nyɔnu eve siawo meɖi fɔ o, etso nya me hã be ele be woaxe fe na wo ɖe ale si wotso wo nu madzemadzee, wolé wo de ga eye wosika wo ɖe aƒe me la ta. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be Ðasefo eve siawo ƒe mawusubɔsubɔ tae wotɔ ŋku wo ɖo, wogblɔ alakpatɔe be se meɖe mɔ ɖe Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔwo nu le Osh le esi Ðasefowo mede woƒe habɔbɔa agbalẽ me le nutoa me o ta. Wogblɔ tsɔ ƒo eta be, aƒenɔ Oksana Koriakina kple aƒenɔ Nadezhda Sergienko ɖo ŋu ɖe Dukplɔseŋubuha ƒe September (Anyɔnyɔ) 4 ƒe nyametsotsoa ŋu, nyametsotso siae ɖo kpe edzi be Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa le se nu le Osh kple Kyrgyzstan dukɔ bliboa me.

Aƒenɔ Oksana Koriakina kple aƒenɔ Nadezhda Sergien

Agbagba Siwo Dzem Wole Be Woade Xexemedukɔwo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Dzi

Esi Kyrgyzstan ɖo Dukɔ Ƒoƒuawo Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla me la, eka atam le xexemedukɔwo ŋkume be yeado amegbetɔ ƒe gomenɔamesi kple amegbetɔ ƒe ablɔɖe vevitɔwo abe mawusubɔsubɔ alo dzixɔse, takpekpe kple ame ƒe susuɖegblɔ ƒe ablɔɖe ɖe ŋgɔ le dukɔa me ne wòaɖe vi na dukɔmeviwo. Le ale si Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Dukplɔseŋubuha tso nya me nyitsɔ laa la, eʋli amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo kple amegbetɔ ƒe ablɔɖe vevitɔwo ta vevie. Yehowa Ðasefo 5,000 kloe siwo le Kyrgyzstan kpɔ dzidzɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe si su wo si la ŋuti, eye wokpɔ ŋudzedze ɖe Dukɔa ƒe dɔwɔƒe siwo ʋlia amegbetɔwo ƒe ablɔɖe veviwo ta ale be wòaɖe vi na amewo katã la ŋu.

^ mm. 2 Se la ƒe ŋkɔ blibo lae nye “Kyrgyzstan Dukɔa Ƒe Se Ku Ðe Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Kple Subɔsubɔhawo Ŋu Le Kyrgyzstan.”