Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH 2, 2015
KYRGYZSTAN

Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Dze Ðe Eve Le Kyrgyzstan

Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Dze Ðe Eve Le Kyrgyzstan

Mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ƒe nyawo nyo ɖe edzi le Kyrgyzstan esime Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Dukplɔseŋubuha gblɔ le September 4, 2014 dzi be Ƒe 2008 Mawusubɔsubɔŋutise ƒe akpa aɖewo mewɔ ɖeka kple dukplɔsea o. Esia ʋu mɔ na Yehowa Ðasefowo be woade woƒe subɔsubɔdɔa agbalẽ me le se nu le Kyrgyzstan ƒe anyiehenutowo me. *

Togbɔ be Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me alea hã la, Dukɔa Ƒe Kɔmiti Si Kpɔa Mawusubɔsubɔnyawo Gbɔ gbe be yemaɖe mɔ Yehowa Ðasefowo nade woƒe subɔsubɔdɔa agbalẽ me le se nu le Kyrgyzstan ƒe anyiehenutowo me o. Kɔmiti sia te tɔ ɖe edzi be zi ale si wometrɔ asi le Ƒe 2008 Mawusubɔsubɔŋutisea ŋu heŋlɔe ɖi o la, se ma gakpɔtɔ le dɔ wɔm eye mɔɖeɖe meli na Yehowa Ðasefowo be woade woƒe dɔwɔnawo agbalẽ me le se nu o. Esia wɔe be woxe mɔ ɖe Ðasefowo ƒe dɔa nu le dukɔa ƒe anyiehenutowo me evɔ dɔ sia ke ko ŋue woɖe mɔ ɖo le dukɔa ƒe dziehenutowo ya me eye Ðasefoawo le dɔ sia wɔm le ŋutifafa me le afi mawo. *

Wolée Be Ele Dɔ Si Womede Agbalẽ Me Le Se Nu O Wɔm

Le June 30, 2014 dzi la, wolé Zhyldyz Zhumalieva, si nye nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 46 la le Naryn, si nye du aɖe le Kyrgyzstan ƒe anyieheɣedzeƒe. Wolé nyɔnu sia si zã eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi tsɔ le nu ƒom tso eƒe dzixɔsewo ŋu na eƒe aƒelikawo la ɖe dɔ sia wɔwɔ ta. Dziɖuɖumegã siwo le Naryn lée hetsɔ nya ɖe eŋu be ele nu ƒom tso eƒe dzixɔsewo ŋu na eƒe aƒelikawo evɔ womede woƒe subɔsubɔha agbalẽ me le se nu le nutoa me o. * Tso esime Kyrgyzstan xɔ ɖokuisinɔnɔ la, esiae nye zi gbãtɔ wolé Ðasefo aɖe hetsɔ nya ɖe eŋu le eƒe mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ ta.

Aƒenɔ Zhumalieva tsɔ nyaa yi Naryn Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye, eye ʋɔnudrɔ̃ƒea nɔ anyi ɖe nyaa ŋu le August 5, 2014 dzi. Ʋɔnudrɔ̃lawo bia nya geɖewo ale be woase Yehowa Ðasefowo kple woƒe gbedeasi siwo wogblɔna na amewo la gɔme nyuie. Esi ʋɔnudrɔ̃lawo bu kpeɖodziawo ŋu nyuie vɔ la, woɖo asi nyadɔdrɔ̃a dzi gbɔ hele Dukplɔseŋubuhaa ƒe nyametsotsoa lalam.

Le esia megbe la, Naryn Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea gayɔ aƒenɔ Zhumalieva ƒe nyaa ake. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be aƒenɔ sia meda nutoa me se aɖeke dzi o, eye wògblɔ ƒu edzi be dukɔmevi ɖe sia ɖe kpɔ mɔ aƒo nu tso eƒe mawudzixɔse ŋu na ame bubuwo. Ʋɔnudrɔ̃ƒea nɔ te ɖe Dukplɔseŋubuhaa ƒe nyametsotsoa dzi gblɔ be woɖe mɔ Yehowa Ðasefowo de woƒe dɔwɔnawo agbalẽ me le se nu le Kyrgyzstan dukɔa me. Ete fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa me, gake ʋɔnudrɔ̃la amesamalaa gabia ake be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ hete tɔ ɖe edzi be Dukplɔseŋubuhaa ƒe nyametsotsoa medo ƒome kple nu vlo wɔwɔ ƒe nya si wotsɔ ɖe aƒenɔa ŋu o. Le December 24, 2014 dzi la, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gbe be yemagbugbɔ nyaa adrɔ̃ o. Esia na wòva hiã be woawɔ ɖe Naryn Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe nyametsotso si nye be woaɖe asi le aƒenɔ Zhumalieva ŋu eye womabu ale si wòƒoa nu tso eƒe dzixɔsewo ŋu na eƒe aƒelikawo be enye nu vlo wɔwɔ o la dzi.

Wodrɔ̃ Nya Dzɔdzɔe Na Wo Le Osh Togbɔ Be Wokpa Nyawo Ðe Wo Ŋu Gɔ̃ Hã

Le ƒe 2013 me la, kpovitɔwo sika Oksana Koriakina kple nɔa Nadezhda Sergienko ɖe aƒe me ɖe nu gbegblẽ aɖewo siwo wobe wowɔ esi wole nu ƒom tso woƒe dzixɔsewo ŋu na amewo ta. Osh ƒe dziɖuɖumegãwo nɔ te ɖe alakpanya siwo wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu dzi gblɔ be “wole mawusubɔsubɔdɔ manɔsenu wɔm.” Dziɖuɖumegãwo te tɔ ɖe edzi be esi womede Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔwo agbalẽ me le se nu o ta la, womekpɔ mɔ kura aƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu na amewo o.

Osh Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be nyɔnu eve siawo mewɔ nu vlo aɖeke o. Ʋɔnudrɔ̃laa gblɔ le eƒe nyametsotsoa me le October 7, 2014 dzi be nyagɔmekulawo wɔ vodada gã aɖewo le woƒe nyagɔmekukua me, eye wògblɔ kpee be esi aƒenɔ Koriakina kple aƒenɔ Sergienko nye Yehowa Ðasefowo ta koe wotso wo nu ɖo.

Osh-nutoa ƒe ʋɔnudrɔ̃la amesamalaa bia be woate fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa me. Ebia be woagbugbɔ nyaa aɖo ɖe nyagɔmekulawo ne “woaɖɔ” vodada siwo dze le nyagɔmekukua me la ɖo ale be woagadrɔ̃ aƒenɔ Koriakina kple aƒenɔ Sergienko ƒe nyaa zi evelia. Esi nyagbugbɔdrɔ̃ƒea gbe be yemadrɔ̃ nya la o la, amesamalaa tsɔ nya la yi Kyrgyzstan ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ. Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa ɖo March 3, 2015 be yewoadrɔ̃ nya la, eye Ðasefowo le mɔ kpɔm be Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa ƒe nyametsotsoa agade nya dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ dzi ake.

Ðe Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Ayi Ŋgɔ Le Kyrgyzstan Loo Alo Ayi Megbea?

Yehowa Ðasefo aɖe si kpɔ aƒenɔ Zhumalieva ƒe nyadɔdrɔ̃ teƒe la gblɔ be: “Tso ƒe 1998 me la, dziɖuɖumegãwo ɖea fu na mí, elabe womeɖe mɔ na mí míede míaƒe subɔsubɔdɔa agbalẽ me le se nu le Naryn-nutoa me o. Míele mɔ kpɔm be Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotso sia awɔe be woaɖe mɔ na mí míade míaƒe subɔsubɔdɔa agbalẽ me le se nu le nutoa me.”

Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be Naryn, Osh kple Kyrgyzstan ƒe anyiehenuto bubuwo aɖe mɔ na yewo yewoade yewoƒe subɔsubɔdɔa agbalẽ me le se nu ale be yewoate ŋu awɔ yewoƒe subɔsubɔdɔwo le ŋutifafa me fuɖename aɖeke manɔmee. Ne Kyrgyzstan ƒe dumegãwo wɔ ɖe woƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotsoa dzi la, ana mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe geɖe nasu woƒe dukɔmeviwo si.

^ mm. 2 Kpɔ nyati si nye “Kyrgyzstan Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ De Yehowa Ðasefowo Ƒe Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Dzi” ne nàkpɔ Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Dukplɔseŋubuhaa ƒe nya me si wòtso le September 4, 2014 dzi.

^ mm. 3 Ðasefoawo de woƒe subɔsubɔdɔwo agbalẽ me le se nu le dziɖuɖua gbɔ kple dukɔa ƒe dziehenutowo hã me. Gake dukɔa ƒe anyiehenutowo ƒe amegãwo ya gbe enuenu be yewomaɖe mɔ na Ðasefo siwo le yewoƒe nutoawo me woade woƒe subɔsubɔdɔwo agbalẽ me le se nu o.

^ mm. 5 Kyrgyzstan-dukɔa ƒe Dukplɔɖoɖoa ƒe ɖoɖo 395(2) gblɔ be ame aɖeke mekpɔ mɔ ada “se siwo ku ɖe subɔsubɔkpekpewo, subɔsubɔgbɔlɔlɔwo kple subɔsubɔwɔna bubuwo wɔwɔ ŋu la dzi o.”