Dzo kpo yi emenuwo dzi

JULY 3, 2014
MEXICO

Ðasefowo Kpɔ Gome Le Agbalẽɖeɖefia Si Wowɔ Le Mexico City Le Ƒe 2014 Me La Me

Ðasefowo Kpɔ Gome Le Agbalẽɖeɖefia Si Wowɔ Le Mexico City Le Ƒe 2014 Me La Me

MEXICO CITY—Yehowa Ðasefowo hã nɔ agbalẽtaƒe 150 siwo wokpe be woava kpɔ gome le agbalẽɖeɖefia aɖe si woyɔ be Expo Publica Agbalẽɖeɖefia me la dome. Mexico Dukɔa Ƒe Dɔwɔƒe Si Kpɔa Agbalẽtatadɔwo dzi lae wɔ ɖoɖo ɖe agbalẽɖeɖefia sia ŋu. Dɔwɔƒea wɔ agalẽɖeɖefia sia le Mexico Dukɔwo Dome Asitsaƒe tso April 25 va se ɖe May 4, 2014 dzi be yeatsɔ aɖu yeƒe ƒe 50 ƒe azã. Ame siwo va wɔna sia teƒe ade 20,000.

Ðasefowo ɖe woƒe agbalẽwo, magazinewo kple video vovovo siwo wotu ɖe Biblia dzi la fia. Wodo boblo woƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye www.pr418.com, afi si woate ŋu awɔ woƒe agbalẽ siwo le gbe 650 kple edzivɔwo me la ƒe kɔpi le. Vavalawo xɔ Ðasefowo ƒe agbalẽ siwo wu 1,600, eye wo dometɔ aɖewo bia be woava srɔ̃ Biblia kpli yewo le yewo ƒe me. Abe ale si Yehowa Ðasefowo wɔnɛ ɖaa ene la, womexɔ ga aɖeke le Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo siwo wowɔ kple amewo le wɔna sia wɔɣi la ta o.

Aƒetɔ Gamaliel Camarillo, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Mexico, gblɔ be: “Dzi dzɔ mí ɖe ale si ame geɖe te ɖe míaƒe agbawo ŋu le agbalẽɖefiaƒea kple ale si wokpɔ dzidzɔ ɖe Biblia kple míaƒe jw.org nyatakakadzraɖoƒea ŋu la ta. Míekpɔe be dɔwɔnu siawo siwo ɖea vi ŋutɔ tsɔtsɔ va afi sia na ame siwo ŋu vovo mele kura o la kpe ɖe amewo ŋu. Le mía gome la, agbalẽɖeɖefia la kpɔ dzidzedze gã aɖe.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Mexico: Gamaliel Camarillo, tel. +52 555 133 3048