Dzo kpo yi emenuwo dzi

NOVEMBER (ADEƐMEKPƆXE) 4, 2015
MEXICO

Wona Nunana Ðasefowo Le Biblia-fiafiadɔ Siwo Wɔm Wole Le Mexico-gaxɔwo Me Ta

Wona Nunana Ðasefowo Le Biblia-fiafiadɔ Siwo Wɔm Wole Le Mexico-gaxɔwo Me Ta

MEXICO CITY—Baja California nuto si le Mexico ƒe dumegãwo na ɖaseɖigbalẽ Yehowa Ðasefowo tsɔ da akpe na wo ɖe Biblia-fiafiadɔ siwo wɔm wole le nutoa me gaxɔwo me la ta. Nutoa me hahodedienɔnɔ ƒe amegã Daniel De La Rosa Anaya kple gaxɔdzikpɔƒewo ƒe amegã Jesús Héctor Grijalva Tapia woe de asi agbalẽ la te.

Ðaseɖigbalẽa me nyawo yi ale: “Nutoa me dziɖuɖua to hahodedienɔnɔ ƒe amegã dzi le akpe dam na Yehowa Ðasefowo ɖe dɔ vevi si wɔm wole tsɔ le alɔ dom mí, woƒe kutrikuku, woƒe dɔa kple ale si woɖoe kplikpaa be yewoana kpekpeɖeŋu Baja California nutoa me tɔwo ta; wona be gamenɔlawo va le ame ɖɔʋuwo zum eye ne wodo le gaxɔa me la, enɔa bɔbɔe na wo be woawɔ ɖeka kple nutoa me tɔwo.”

Asitɔtrɔ Le Gamenɔlawo Ŋu ƒe dɔwɔƒe si le Mexicali ƒe amegã Jesús Manuel López Moreno

Yehowa Ðasefowo dze gaxɔmenɔlawo gbɔ yiyi le gaxɔ siwo le Baja California nutoa me dometɔ geɖe me kple gaxɔ ɖeka aɖe si le Mexicali me edziedzi tso ƒe 1991 me esime gaxɔmenɔla aɖe bia tso wo si be woava kpɔ ye ɖa. Le gbebiame aɖe si yi edzi le Ðasefoawo kple Asitɔtrɔ Le Gamenɔlawo Ŋu ƒe dɔwɔƒe si le Mexicali ƒe amegã Jesús Manuel López Moreno dome la, egblɔ be: “Ale si mievaa afi sia vanaa kpekpeɖeŋu [gamenɔlawo] la, kpena ɖe mía ŋu míenaa ŋusẽ ɖoa wo ŋu wotea ŋu gblɔna be: ‘Amegbetɔwoe míenye. Nɔnɔme nyuiwo va su mía si, eye ne míaƒe game de la, míagawɔ ɖeka kple nutoa me tɔwo eye ele be míaƒe nuwɔnawo naɖe vi na wo.’ . . . Meda akpe gã aɖe na mi ɖe miaƒe kpekpeɖeŋua ta.”

Aƒetɔ Gamaliel Camarillo, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Mexico gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ vevitɔe nye be yewoakpe ɖe amewo ŋu, gaxɔmenɔlawo hã le eme, ne woase Biblia ƒe nufiafiawo gɔme. Hame aɖe si le Mexicali gblɔ be ame enyi ya teti xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo esime wole ga me le Mexicali gaxɔ me. Míexɔe se be ele be woana mɔnukpɔkpɔ amewo katã ƒomevi be Biblia-fiafiadɔa naɖe vi na wo.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Mexico: Gamaliel Camarillo, tel. +52 555 133 3048