Dzo kpo yi emenuwo dzi

NOVEMBER 28, 2014
MEXICO

Mexico Dumegãwo Kafu Ðasefowo Ðe Ale Si Wodzra Kamedefefewɔƒea Ðo Ta

Mexico Dumegãwo Kafu Ðasefowo Ðe Ale Si Wodzra Kamedefefewɔƒea Ðo Ta

MEXICO CITY—Yehowa Ðasefo siwo wu 250 tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoadzra Baldomero “Melo” Almada kamedefefewɔƒea ɖo le June 7, 2014 dzi hena wɔna tɔxɛ aɖe si woawɔ le nutoa me ta, eye dumegãwo kafu Ðasefoawo ɖe ale si wowɔ dɔ siae ta.

Nufialagã Antonio Cota Márquez, si nye Huatabampo Kamedefefewɔƒea dzi kpɔla le Mexico di lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɣleti geɖe be woadzra kamedefefewɔƒea ɖo ale be wòasɔ gbe hafi dudzikpɔla nava kɔ duƒuƒe yeye si wowɔ ɖe kamedefefewɔƒea la ŋu le July 7, 2014 dzi. Yehowa Ðasefowo wɔ ɖe ameyɔyɔ sia dzi va kpe asi ɖe eya kple ame siwo dzraa teƒea ɖo la ŋu wodzra teƒea ɖo, woɖe gbeɖuɖɔwo ɖa le teƒeteƒewo, wosi aŋɔ na basketbɔlƒoƒe ƒe atiwo eye wodzra sɔgbewo dzi ɖo hã.

Kpekpewɔƒe si le kamedefefewɔƒea, afi si Ðasefoawo wɔa woƒe kpekpe si wotu ɖe Biblia dzi la le.

Aƒetɔ Cota mia asi Ðasefoawo, elabena enya nu tso ale si Ðasefoawo dzraa kamedefefewɔƒea ƒe akpa aɖe si wowɔa woƒe takpekpe siwo wotuna ɖe Biblia dzi le le Spaniagbe kple Mayogbe me edziedzi ɖo nyuie la ŋu. Esi Aƒetɔ Cota kpɔ ale si Ðasefoawo dzra teƒea ɖo heɖɔ nuwo ɖoe la, egblɔ le gbebiame aɖe me be: “Dzi dzɔ mí be ame siwo media wo ɖokui tɔ o tsɔ woƒe ɣeyiɣi va dzra kamedefefewɔƒea ɖo.” Egblɔ emegbe be: “Mele dudzikpɔla Aƒetɔ Ramón Díaz Nieblas teƒe le akpe dam na mi ɖe dɔ si miewɔ egbea ta. Míayi edzi anɔ megbe dam na miaƒe habɔbɔa ɣesiaɣi si miadi be yewoazã teƒe sia. Míekpɔ ŋudzedze ɖe miaƒe kpekpeɖeŋu kple miaƒe nuwɔwɔ aduadu la ŋu.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Mexico: Gamaliel Camarillo, tel. + 52 555 133 3000