Dzo kpo yi emenuwo dzi

NOVEMBER 2, 2018
MICRONESIA

Ahom Sesẽ Si Nye Yutu Gblẽ Nu Le Dziehe Mariana Ƒukpowo Ŋu

Ahom Sesẽ Si Nye Yutu Gblẽ Nu Le Dziehe Mariana Ƒukpowo Ŋu

Le October 24, 2018 dzi la, ahom sesẽ si woyɔ be Yutu la gblẽ nu le Dziehe Mariana Ƒukpowo ŋu. Woka nya ta be ahom la nu sẽ ɖo ahom sesẽwo ƒe hatsotso 5 lia ƒe dzidzenu dzi. Ƒukpo siwo nye Saipan kple Tinian koŋ ŋue nu gblẽ le vevie esime yaƒoƒo sesẽ si ƒe duƒuƒu nye kilometa 280 le gaƒoƒo ɖeka me la gbã aƒewo eye wòwɔe be elektrik-kaɖi megale ame akpe geɖe si o.

Micronesia alɔdzedɔwɔƒea si kpɔa Dziehe Mariana Ƒukpowo ƒe dɔwo dzi ka nya ta be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖeke meku alo xɔ abi o. Ke hã, Ðasefo 15 ƒe aƒe gbã keŋkeŋ eye nu gblẽ le Ðasefo 40 bubuwo ƒe aƒewo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nu gblẽ le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si le Saipan kple Fiaɖuƒe Akpata siwo le Saipan kple Tinian la ŋu vie.

Afɔku Ŋuti Kpekpeɖeŋunakɔmiti aɖe wɔ ɖoɖo wole kpekpeɖeŋu nam ame siwo ŋu ahom la gblẽ nu le. Azɔ hã, Ðasefo siwo le nutoa me la le kpekpem ɖe gbeƒãɖela siwo ƒe aƒewo ŋu ahoma gblẽ nu le la ŋu. Alɔdzekɔmitia me tɔ ɖeka azɔ mɔ ayi nuto siwo me ahom la gblẽ nu le be wòatsɔ Biblia me nyawo ade dzi ƒo na nɔviawo.

Míele gbe dom ɖa ɖe mía nɔviawo ta esi wole te nɔm ɖe dzɔdzɔmefɔku sia nu. Míekpɔa akɔfafa esi míenyae be “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ,” eye be “esea woƒe ɣlidodo.”—Psalmo 145:18, 19.