Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH 6, 2015
MOZAMBIQUE

Ðasefowo Tsɔ Ʋu kple Yameʋu Lɔ Kpekpeɖeŋunanuwo Yi Na Ame Siwo Ŋu Tsiɖɔɖɔ Gblẽ Nu Le Le Mozambique

Ðasefowo Tsɔ Ʋu kple Yameʋu Lɔ Kpekpeɖeŋunanuwo Yi Na Ame Siwo Ŋu Tsiɖɔɖɔ Gblẽ Nu Le Le Mozambique

MAPUTO, Mozambique—Tsi gã aɖe si tɔgbi mebɔ o la dza kwasiɖa geɖe le December va se ɖe January ƒe domedome le Mozambique ƒe nuto si woyɔna be Zambezia me, esia na tsi ɖe nutoa eye ame 158 ƒe agbe tsi eme. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mozambique ka nya ta be nu vevi mewɔ Ðasefo aɖeke o eye wo dometɔ aɖeke hã meku o. Ke hã, tsiɖɔɖɔa gblẽ woƒe tadeaguƒe si woyɔna be Fiaɖuƒe Akpa eve kple Ðasefowo ƒe aƒe 225 dome.

Ðasefowo ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le dzadzram ɖo be yewoatsɔ yameʋu alɔ nuɖuɖu ayi na ame siwo tso abo le Chire-du si le Zambezia la me.

Ðasefowo ɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti geɖewo be woakpe ɖe ame siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le la ŋu. Wona woƒe hametɔwo va tsi woƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖewo me gbɔ eye womaa nuɖuɖu hã le Akpata siawo me. Tsiɖɔɖɔa gblẽ tɔdzisasrã siwo dzi wotona yia Chire, si nye du aɖe si dzidzi kilometa 1,500 tso Maputo gbɔ la dome. Esia wɔe be Ðasefo 1,300 tso abo. Dukɔa ƒe Yameʋudzeƒe Ƒe Dɔdzikpɔƒea ɖe mɔ na Ðasefoawo be woate ŋu atsɔ yameʋu si woyɔna be helikɔpta alɔ kpekpeɖeŋunanu siwo wu tɔn 17 ayi na ame siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le.

In Wole blikotokuwo dem ʋu le Morrumbala be woayi aɖama na ame siwo hiã tu.

Alberto Libombo si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Mozambique gblɔ be: “Ale si míaƒe hametɔwo le asi kpem ɖe kpekpeɖeŋunadɔ si wɔm míele ŋu dɔmenyotɔe la ɖe dzesi ŋutɔ. Alɔdzedɔwɔƒe si le Mozambique yi edzi le nuɖuɖuwo lɔm le yiyim na ame siwo hiã tu, wole aƒewo dzram ɖo hele bubuwo tum. Míayi edzi awɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ Biblia me nyawo anɔ akɔ fam na ame siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le ahanɔ kpekpeɖeŋu bubuwo nam wo.”

Fiaɖuƒe Akpata aɖe si le Chiromo si me wole nuɖuɖu mam le gbɔ.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Mozambique: Alberto Libombo, tel. +258 21 450 500