Dzo kpo yi emenuwo dzi

APRIL 29, 2014
NICARAGUA

Anyigbaʋuʋu le Nicaragua

Anyigbaʋuʋu le Nicaragua

Le Dzoɖa, April 14, 2014 dzi la, anyigbaʋuʋu si ƒe sesẽme nye 5.1 la gblẽ nu le Managua si le Nicaragua la ƒe dzieheɣetoɖoƒe ŋu. Esiae nye anyigbaʋuʋu si kplɔ wo nɔewo ɖo le ŋkeke ene me la ƒe yeyetɔ; esi lolo wu ƒe sesẽme ƒe dzidzee nye 6.6 le Richter ƒe dzidze nu. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Titina Amerika ka nya ta be nu vevi mewɔ Ðasefo aɖeke o. Ðasefowo ƒe aƒe 7 gbã keŋkeŋ eye nu gblẽ le aƒe 21 ŋu. Eye nu gblẽ le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe, si nye teƒe si wodea ta agu le si le Nagarote dua me hã la ŋu. Esia wɔe be Yehowa Ðasefowo ƒe hame eve va ƒo ƒu ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ƒe ʋutɔɖoƒea hewɔ Yesu Kristo ƒe ku ƒe ŋkuɖodzia. Ame 530 kple edzivɔe va kpɔ gome le wɔnaa me le fiẽ ma, ame siwo menye Ðasefowo o hã le eme. Alɔdzedɔwɔƒea di teƒe aɖe na Ðasefo siwo ŋu anyigbaʋuʋua gblẽ nu le be woanɔ gbɔ eye wòle kpekpeɖeŋu nam wo.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Titina Amerika: Gamaliel Camarillo, tel. +52 555 133 30484