Dzo kpo yi emenuwo dzi

Mía nɔviwo ƒe aƒe siwo bi dzo le Taguig Du si le Metro Manila me

MAY 21, 2019
PHILIPPINES

Dzo Dze Aƒewo Dzi Le Philippines

Dzo Dze Aƒewo Dzi Le Philippines

Le March 2019 dzi le Philippines la, dzo dze aƒe 128 dzi le Calbayog Du si le Samar Ƒukpo dzi. Le ɣleti si do ŋgɔ me la, dzo dze aƒe siwo le Taguig Du si le Luzon Ƒukpo dzi la dzi. Le wo katã me la, Yehowa Ðasefowo ƒe aƒe adree bi dzo. Mía nɔvi siwo ƒe aƒe bi dzo la va le Ðasefo bubu siwo ƒe aƒe ŋu dzoa megblẽ nu le o la gbɔ.

Alɔdzedɔwɔƒea wɔ ɖoɖo afɔtsɔtsɔe ɖo tsi, nuɖuɖu, kple nudodo ɖe nɔvi siwo ƒe aƒe bi dzo. Nutoa me hamemetsitsiwo yi vɛ srã nɔviawo kpɔ hena kpekpeɖeŋu siwo hiã la wo. Dukɔa Me Xɔtuɖaŋu Kple Xɔtudɔ Dzikpɔƒea ƒe dɔwɔlawo le asi kpem ɖe Kpekpeɖeŋunakɔmiti eve ŋu be woagbugbɔ wo nɔvi haxɔsetɔ siwo ƒe aƒe dome gblẽ la atu na wo.

Míeka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi anye sitsoƒe na nɔvi siwo ŋu dzobibiawo gblẽ nu le.—Psalmo 62:8.