Dzo kpo yi emenuwo dzi

JANUARY 21, 2015
PHILIPPINES

Ƒe Ðeka Le Ahom Si Nye Haiyan Tutu Megbe, Amewo Yi Aƒe Yeyewo Me

Ƒe Ðeka Le Ahom Si Nye Haiyan Tutu Megbe, Amewo Yi Aƒe Yeyewo Me

MANILA le Philippines—Yehowa Ðasefowo de xɔtudɔ gã nyadri aɖe to me le esi ahom gã si woyɔ be Haiyan tu vɔ megbe be woadzra aƒewo ɖo alo atso yeyewo kura le ƒe ɖeka me, aƒeawo katã ƒe xexlẽme le 750.

Xɔtulawo ƒe ƒuƒoƒo si me ame atɔ̃ le la wua aƒe ɖeka nu le ŋkeke atɔ̃ me le mama dedie nu.

Dean Jacek, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Philippines, gblɔ be: “Míeɖoe be míawu dɔa nu le September 2014 me. Míedze dɔa gɔme le ƒea ƒe gɔmedzedze, gake esi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla gbogbo aɖewo kpe ɖe mía ŋu ta la, míete ŋu wu dɔa nu do ŋgɔ na August ƒe nuwuwu.”

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo nye dumeviwo kple dutatɔwo siaa kpɔ gome le xɔtudɔawo wɔwɔ me.

Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha ɖo ga siwo Ðasefo siwo le xexea me godoo dzɔ la ƒe akpa aɖe ɖa be woatsɔ awɔ kpekpeɖeŋunadɔ sia. Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Manila la ɖo kpekpeɖeŋunakɔmitiwo le nuto siwo ŋu ahom la gblẽ nu le la me ale be woakpɔ aƒewo tsotso dɔa dzi. Aƒe siwo wodzra ɖo kple yeye siwo wotso le Tacloban Dua me la le 167, Ormoc Dua me tɔwo le 256, Cebu Dua me tɔwo le 101 eye Roxas Dua me tɔwo hã le 218. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo dometɔ 522 nye Philippines-vi dzidziwo eye Ðasefo 90 hã tso dukɔ bubuwo me.

Aƒetɔ Ferdinand Martin G. Romualdez, si nye Leyte Nuto Gbãtɔ teƒenɔla.

Aƒetɔ Ferdinand Martin G. Romualdez, si nye Leyte Nuto Gbãtɔ teƒenɔla gblɔ be: “Yehowa Ðasefowoe nye habɔbɔ siwo menye dziɖuɖu tɔ o ƒe gbãtɔ siwo dze aƒewo dzadzra ɖo dɔwo gɔme la dometɔ ɖeka. . . . Mímate ŋu agblɔ ale si nye kple nye ƒomea kpakple mía detɔwo míekpɔ ŋudzedze ɖe miaƒe agbagbadzedzewo ŋu la wòade edeƒe o.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Philippines: Dean Jacek, tel. +63 2 411 6090