Dzo kpo yi emenuwo dzi

APRIL 10, 2015
RUSSIA

Ðasefo Russiatɔ Aɖe Fɔ Ga Home Euro 6,000 Gatrɔe Na Gaa Tɔ

Ðasefo Russiatɔ Aɖe Fɔ Ga Home Euro 6,000 Gatrɔe Na Gaa Tɔ

ST. PETERSBURG, Russia—Le November 2014 me la, Yehowa Ðasefo si ŋkɔe nye Svetlana Nemchinova fɔ agbalẽkotoku aɖe le mɔ dzi si me ga home euro 6,000 le. Edi gaa tɔ ʋuu keke va ke ɖe eŋu. Woƒo nu tso Aƒenɔ Nemchinova ƒe dɔmenyowɔwɔ sia ŋu le television kple radio dzi kpakple internet dzi nyati geɖewo me.

Aƒenɔ Nemchinova nye mɔdzikplɔla le du si woyɔna be Vologda me. Du sia le Moscow ƒe dzieheɣedzeƒe eye wòdzidzi tso Moscow gbɔ kilometa 450. Esi wòle mɔa dzi kplɔm la, ekpɔ agbalẽkotoku si dzi womeŋlɔ naneke ɖo o la le anyigba. Esi wòʋui la, ekpɔ ga gbogbo aɖe le eme. Togbɔ be nuwo mede Aƒenɔ Nemchinova kple viawo dzi ale o eye wole xɔ kpokploe aɖe si didi meta 4 hekeke meta 3 pɛ ko me hã la, egblɔ be: “Meva susu me nam gɔ̃ hã be mazi gaa dzi o. Nu si va susu me nam enumakee nye ale si gaa tɔ anya nɔ nu xam ɖaa.”

Esi Aƒenɔ Nemchinova dze gaa tɔ didi gɔme la, eklã gaa ŋuti nyatakakawo ɖe gli siwo le afi ma ŋu. Esi aƒenɔ Nemchinova mekpɔ gaa tɔ o la, etsɔ ga la yi ɖe gadzraɖoƒe aɖe le nutoa me, elabena ekpɔ ɖaseɖigbalẽvi si dzi gadzraɖoƒe ma ƒe ŋkɔ dze le la le agbalẽkotokua me. Gadzraɖoƒea ku nu me kpɔe be gaa tɔe nye aƒetɔ Pavel Smirnov. Gadzraɖoƒea yɔ aƒetɔ Smirnov zi geɖe hafi va ke ɖe eŋu mlɔeba, eye wona wònya be aƒenɔ Nemchinova ke ɖe eƒe ga ŋu.

Nyati aɖe si wota ɖe Russiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Premier me gblɔ be: “Svetlana mebui be nu tɔxɛ aɖee wònye yewɔ o. Enye mawusubɔla eye wòxlẽa Biblia gbe sia gbe.” Aƒenɔ Svetlana Nemchinova ɖe nu me le Premier me be nu si wolɔ̃a yɔyɔ be Sikasedede si le Mateo 7:12 lae ʋã ye yetrɔ gaa na gaa tɔ. Mawunyakpukpui sia gblɔ be: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”

Nutala Pavel Smirnov ɖe foto kple Svetlana Nemchinova esi wòtrɔ eƒe ga si bu la nɛ megbe.

Aƒetɔ Smirnov nye nutala aɖe si to nutaŋɔ ƒomevi aɖee vɛ. Aƒetɔ sia dzra ga ɖo be yeatsɔ aƒle dɔwɔnu tɔxɛ aɖe atsɔ aku nu me yi ŋgɔe tso amadenuwo ŋu. Aƒetɔ Smirnov gblɔ be: “Nyemanya ale si mada akpe na Svetlana o, nu si Svetlana wɔ la na mekpɔe be woate ŋu aka ɖe amegbetɔ dzi. Nya ɖeka koe susɔ magblɔ: ‘Mawu li!’”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Russia: Yaroslav Sivulskiy, tel. +7 812 702 2691