Dzo kpo yi emenuwo dzi

NOVEMBER 11, 2014
RUSSIA

Russia Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gãtɔ Gade Asi Asiɖoɖo Samara Nutome Subɔsubɔhabɔbɔa Dzi Ƒe Nyaa Dɔdrɔ̃ Me

Russia Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gãtɔ Gade Asi Asiɖoɖo Samara Nutome Subɔsubɔhabɔbɔa Dzi Ƒe Nyaa Dɔdrɔ̃ Me

Le November 12, 2014 dzi la, Russia ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gãtɔ ɖoe be woagadze nya si wode toa me be woaɖo asi Yehowa Ðasefo siwo le Samara ƒe nutome subɔsubɔhabɔbɔa dzi la dɔdrɔ̃ gɔme. Kodzoɖoɖo la dze egɔme ɣleti ɖekae nye esia le October 8 dzi. Nyakakadɔwɔlawo, Ðasefo bubuwo, nyateƒekpɔlawo abe dutadukɔwo ƒe teƒenɔlawo ene kple senyalawo yɔ akpata gã si Ʋɔnudrɔ̃ƒea na wo dɔmenyotɔe be woanɔ eme la me taŋtaŋ. Esi woƒo nu tso senya aɖewo ŋu vɔ la, wogli kodzoa da ɖe ŋkeke bubu dzi.

Vasily Kalin, si nye Yehowa Ðasefo siwo le Russia ƒe Dɔdzikpɔƒea ƒe teƒenɔla gblɔ be: “Míele mɔ kpɔm vevie be Russia ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gãtɔ si ŋu míedea bubui ŋutɔ la atso afia dzɔdzɔe ahate fli ɖe amenutsolaa ƒe nyawo me atsɔ ade dukplɔsea ƒe ɖoɖo siwo wowɔ be woatsɔ akplɔ demokrasidukɔwo la dzi.” Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be Ʋɔnudrɔ̃ƒea akpɔ mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ta abe ale si wòle le Russia ƒe Dukplɔsea me ene.