Dzo kpo yi emenuwo dzi

JANUARY (DZOVE) 23, 2015
RUSSIA

Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ De Nu Gã Aɖe Tsi Si Ava Ðe Fu Na Yehowa Ðasefo Siwo Le Russia

Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ De Nu Gã Aɖe Tsi Si Ava Ðe Fu Na Yehowa Ðasefo Siwo Le Russia

Le November (Adeɛmekpɔxe) 12, 2014 dzi la, Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ da asi ɖe nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe ƒe nyametsotso dzi be woabu Yehowa Ðasefowo ƒe Samara Nutoa Me Mawusubɔsubɔha be edea aglãdzedze ƒe dzi ƒo. Samara nutoa ƒe ʋɔnudrɔ̃la amesamala tsɔ nya ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔha ŋu le ƒe 2014 me esi setɔwo na woyi ɖaka akpata aɖe si Ðasefoawo haya hena mawusubɔsubɔ ƒe kpekpe aɖe wɔwɔ eye woawo ŋutɔwo be yewoke ɖe mawusubɔsubɔgbalẽ siwo nu dziɖuɖua de se ɖo le dukɔa me godoo la dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu. Dziɖuɖu bu agbalẽ siawo do ŋgɔ va yi be wodea aglãdzedze ƒe dzi ƒo eye wòbu wo de Agbalẽ Siwo Dziɖuɖua Buna Be Wodea Aglãdzedze Ƒe Dzi Ƒo la dome. * Ke hã Ðasefo siwo le Samara wɔ ɖe Russia ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe sededea dzi heɖe agbalẽ mawo ɖa le teƒe si wohaya hena tadedeagu la.

Ðasefowo gblɔ le nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea kple Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ la siaa be kpovitɔ siwo va ka teƒea la ŋutɔwoe tsɔ agbalẽawo da ɖe afi ma ale be woadi nya na yewo. Ðasefoawo gblɔ hã be Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe la le nya drɔ̃m tso Russia ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe se aɖe si wòde va yi be woaxe mɔ ɖe yewoƒe agbalẽ aɖewo nu la ŋu be woakpɔe ɖa be ele se nu mahã. Eye Ðasefoawo gagblɔ hã be ne wotsɔe be nya si gblɔm Samara amesamalaa le be yewotsɔ agbalẽ siwo nu woxe mɔ ɖo yi teƒea nye nyateƒe hã la, tohehe ma gbegbe nu sẽ akpa na agɔdzedze sue ma. Agbalẽ siwo nu wode se ɖo dzadzra ɖo nye agɔdzedze le setɔwo dzi, eye to si wòle be woahe na Yehowa Ðasefowo le go sia mee nye be woado fe na wo loo alo aɖo asi woƒe dɔa dzi hena ɣeyiɣi aɖe ko, ke menye be wòaxe mɔ ɖe woƒe dɔa nu keŋkeŋ o. Ke hã Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa ƒo nya siawo katã ƒu gbe.

Mɔxexe Ðe Dɔwɔha Si Le Se Nu La Nu​—Esusɔ Vie Woatsɔ Nya Ðe Wo Nu Be Wonye Nu Vlo Wɔlawo?

Mɔxexe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nu le Samara sɔ kple nya si wodrɔ̃ le Taganrog, afi si Rostov Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe bia be woaxe mɔ ɖe Ðasefowo ƒe dɔ nu le le ƒe 2009 me hebu wo be wodea aglãdzedze ƒe dzi ƒo. Le nyametsotso ma megbe la, Taganrog dziɖuɖumegãwo gblɔ be nyametsotso ma fia zi ɖeka be woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nu le nutoa me. Wotso Ðasefo wuiade nu le Taganrog be wonye nu vlo wɔlawo le ƒe 2013 me le esi wole gome kpɔm le woƒe subɔsubɔwɔnawo me dzaa ko ta, evɔ Yehowa Ðasefo siwo le xexea me ƒe teƒe bubuwo kple Samara siaa kpɔa gome le subɔsubɔwɔna mawo ke me. Wodo fe gbogbo aɖe na Ðasefo adre, eye wobia be woalé wo dometɔ ene siwo nye hamemetsitsiwo ade ga hena ɣeyiɣi didi aɖe. Gake ʋɔnudrɔ̃laa te fli ɖe fe si wodo na wo la me elabena nyagɔmekukua kple nyadɔdrɔ̃a siaa gbɔ ɣeyiɣi si sea bia la nu, eye wòɖo asi fɔ si wobu wo la dzi gbɔ. Ðasefoawo bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na yewo, eye le December (Dzome) 12, 2014 dzi la, Rostov Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe gbe be ʋɔnudrɔ̃la yeye nagbugbɔ nyaa adrɔ̃.

Yehowa Ðasefo 1,500 siwo le Samara nutoa me le afɔku me fifia, elabe woate ŋu atsɔ nya ɖe wo ŋu be wonye nu vlo wɔlawo le gomekpɔkpɔ le woƒe mawusubɔsubɔwɔnawo me dzaa ko ta. Afi kae wòava wu enu ɖo? Russian dziɖuɖumegãwo gale nya gɔme kum tso Ðasefoawo ƒe mawusubɔsubɔha ƒe dɔwɔha siwo le dukɔa ƒe nuto vovovowo me hã ŋu. Ame aɖeke mekpɔ nya ŋusẽ si ŋutasẽnuwɔna siawo akpɔ ɖe Ðasefo 180,000 siwo le Russia-dukɔa me dzi haɖe o. Ke hã Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ de nu gã aɖe tsi si ate ŋu agblẽ nu le Yehowa Ðasefowo kple subɔsubɔha sue bubuwo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu.

^ mm. 2 Va se ɖe egbea la, wobu Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔgbalẽ 73 de Agbalẽ Siwo Dziɖuɖua Buna Be Wodea Aglãdzedze Ƒe Dzi Ƒo dome. Agbalẽ siwo wokpɔ le teƒe si Ðasefoawo haya le Samara la dometɔ ɖekae nye Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La. Wotae le gbegbɔgblɔ 158 me eye woma ɖekaɖeka 23,970,207 na amewo le xexea me godoo. Bubu hãe nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, ele gbegbɔgblɔ 166 me eye woma ɖekaɖeka 100,944,355 na amewo le xexea me godoo. Yehowa Ðasefowo meda asi ɖe Russia ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso be agbalẽ siawo dea aglãdzedze ƒe dzi ƒo la dzi o, eye wotsɔ nya la yi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe be woadrɔ̃e na yewo.