Dzo kpo yi emenuwo dzi

OCTOBER (KELE) 1, 2014
RUSSIA

Ðasefowo Bia Tso Russia Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Si Be Wòagbugbɔ Asiɖoɖo Yewoƒe Dɔwɔha Nɔsenu Si Le Samara Dzi Ƒe Nya La Adrɔ̃

Ðasefowo Bia Tso Russia Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Si Be Wòagbugbɔ Asiɖoɖo Yewoƒe Dɔwɔha Nɔsenu Si Le Samara Dzi Ƒe Nya La Adrɔ̃

Le October (Kele) 8, 2014 dzi la, Russia Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ agbugbɔ nya si Yehowa Ðasefowo bia be woagbugbɔ adrɔ̃ na yewo ku ɖe asiɖoɖo Samara Nutome Subɔsubɔhabɔbɔa dzi ŋu la adrɔ̃. Do ŋgɔ la, nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe tso nya me be Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔwɔha Nɔsenu si le Samara dea aglãdzedze ƒe dzi ƒo. Ne Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gãtɔ mete fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe ma ƒe nyametsotsoa me o la, ke kuxi sesẽ aɖe dze ŋgɔ Ðasefo 1,500 kple edzivɔ siwo le Samara.

Samara Nutome Ʋɔnudrɔ̃la Amesamala Le Akpasesẽnu Wɔm

Senya siwo wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha sia ŋu dze egɔme le April (Afɔfiɛ) 2014 me esime Samara Nutome Ʋɔnudrɔ̃la Amesamala ŋlɔ agbalẽ na Samara Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea be woaɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha la dzi hetso enu be wole gome kpɔm le “aglãdzenuwɔnawo” me. Hafi nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea nanɔ anyi ɖe nyaa ŋu la, amesamala ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔwɔha Nɔsenu sia ƒe dɔwɔwɔwo dzi, eye wòxɔ woƒe nunɔamesiwo le wo si gbɔ gɔ̃ hã. Le esia megbe la, Russia Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ tsɔ Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔwɔha Nɔsenu si le Samara ƒe ŋkɔ kpe ɖe habɔbɔ siwo ƒe dɔwɔnawo dzi woɖo asii ɖe aglãdzenuwo wɔwɔ ta la ŋu hafi wova dze kodzoa ɖoɖo gɔme gɔ̃ hã. Eye May (Damɛ) 29, 2014 dzi la, Ʋɔnudrɔ̃la Shabayeva tso nya me wòde amesamala la dzi eye wòɖe gbe be wòaɖo asi Ðasefowo ƒe Dɔwɔha Nɔsenu la ƒe dɔwo dzi eye woaɖo asi woƒe nunɔamesiwo hã dzi.

Menye esiae nye zi gbãtɔ Samara Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe amesamala tsɔ ɖe Ðasefowo ƒe Dɔwɔha Nɔsenu si le Samara la ŋuti kple susu be yeaɖo asi eƒe dɔwɔnawo dzi o. Le ƒe 2009 me la, amesamala la tsɔ ɖe dɔwɔha sia ŋu le ʋɔnu, gake eya ŋutɔ gava te fli ɖe nutsotso la me. Le nya si le toa me fifia ya gome la, Samara setɔwo to mɔ bubu ale be yewoaɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ.

Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒewo Nɔ Te Ðe Alakpanutsotsowo Dzi Ðo Asi Ðasefowo Ƒe Dɔwɔha Dzi

Le January (Dzove) 2013 kple January (Dzove) 2014 me la, kpovitɔwo va tsa teƒe siwo Ðasefowo haya hena tadeaguwɔnawo wɔwɔ eye wobe yewoke ɖe subɔsubɔgbalẽ siwo dziɖuɖua bu de Agbalẽ Siwo Dziɖuɖua Buna Be Wodea Aglãdzedze Ƒe Dzi Ƒo me la ŋu le teƒe mawo. Samara Ʋɔnudrɔ̃la Amesamala na nyanya Ðasefoawo ƒe Dɔwɔha Nɔsenu la tso esia ŋu le ƒe 2013 me ku ɖe nu siwo ŋu woke ɖoa ŋu, eye kpovitɔwo gava ke ɖe subɔsubɔgbalẽ mawo ŋu ake le January (Dzove) 2014 me, eye amesamala tsɔ nya la yi ʋɔnui. Le March (Tedoxe) 7, 2014 dzi la, Sovetskiy Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Samara ka ga home ruble 50,000 (Amerika dɔlar 1,383) na Ðasefowo ƒe Dɔwɔha Nɔsenu si le Samara be wòaxe. Ðasefo siwo le Samara ka ɖe edzi be le ɣeyiɣi eve siawo siaa me la, kpovitɔwo ŋutɔe tsɔ agbalẽ mawo va de ɖe yewoƒe tadeaguƒeawo. Gawu la, Yehowa Ðasefowo meda asi ɖe ale si Russia ʋɔnudrɔ̃ƒe bu woƒe agbalẽwo be wodea aglãdzedze ƒe dzi ƒo la dzi o, eye wotsɔ la yi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe.

Esi Samara Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe amesamala la kpɔ egbɔ be wobu fɔ Ðasefowo ƒe Dɔwɔha Nɔsenu si le Samara le Sovetskiy Ʋɔnudrɔ̃ƒea vɔ la, etsɔ nya ɖe wo ŋu le April (Afɔfiɛ) 2014 me le Samara Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea be wodea aglãdzedze ƒe dzi ƒo. Ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ Ðasefoawo ta ʋlim gblɔ na Ʋɔnudrɔ̃la Shabayeva be asiɖoɖo Ðasefoawo ƒe Dɔwɔha Nɔsenu la dzi mele se nu o, eye wogagblɔ hã be naneke mele Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo kple woƒe dɔwɔnawo me alo Dɔwɔha ƒe dɔwɔnawo me si dea aglãdzedze ƒe dzi ƒo o. Eye wogblɔ hã be kpovitɔawo ŋutɔwoe va da agbalẽ “siwo nu wode se ɖo” ɖe tadeaguƒeawo esime wova be yewoaka teƒea. Ke hã Ʋɔnudrɔ̃la Shabayeva tso nya me be woaɖo asi Ðasefowo ƒe Dɔwɔha Nɔsenu si le Samara ƒe dɔwo dzi.

Ðe Russia Dziɖuɖumegãwo Ayi Edzi Anɔ Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Tem Ðe Anyia?

Ale si Samara ƒe nya sia le edzi yim la sɔ kple aʋatsonutsotso si Russia setɔwo tsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le Taganrog la pɛpɛpɛ. Le Taganrog ƒe nyaa me la, dziɖuɖumegãwo wɔ se si nye Dukɔa Ƒe Se Hena Aglãdzenuwɔnawo Nu Tsitsi ŋu dɔ madzemadzee ku ɖe Ðasefoawo ƒe mawusubɔsubɔ ŋu. Eye dziɖuɖumegãwo te ŋu ɖo asi Ðasefowo ƒe Dɔwɔha Nɔsenu si le Taganrog la dzi mlɔeba le ƒe 2009 me. Emegbe wova tsɔ nya ɖe Ðasefo ɖekaɖeka aɖewo ŋu be wonye nu vlo wɔlawo. Esia wɔe be wotsɔ nya ɖe Ðasefo siwo le nutoa me la dometɔ adre ŋu eye wolé wo de ga le esi wode woƒe subɔsubɔkpekpewo ta. Yehowa Ðasefowo le vɔvɔ̃m be Samara ƒe nya sia hã ava yi nenema ke.

Afi kae Russia dziɖuɖumegãwo atɔ ŋku Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔ ase ɖo? Tso June (Masa) 2014 me la, dziɖuɖumegãwo kpa nyawo ɖe Yehowa Ðasefo siwo le Russia ƒe nuto vovovowo me la ŋu be wole mawusubɔsubɔgbalẽ siwo dea aglãdzedze ƒe dzi ƒo la mam. Yehowa Ðasefo siwo le Samara le mɔ kpɔm be Russia Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ adrɔ̃ nya dzɔdzɔe na yewo.