JULY (SIAMLƆM) 1, 2014
RUSSIA
Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒe De Yehowa Ðasefo Siwo Le Russia Dzi Be Wokpɔ Mɔ Akpe Hena Mawusubɔsubɔ
Le June (Masa) 26, 2014 dzi la, Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe (Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒe) tso nya me wòde Yehowa Ðasefowo dzi, egblɔ be gome le wo si be woakpɔ gome le woƒe mawusubɔsubɔwɔnawo me, eye mele be Russia dziɖuɖumegãwo nanɔ fu ɖem na wo le esia wɔwɔ me o. Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe ʋɔnudrɔ̃la siwo drɔ̃ nya sia la katã bu fɔ Russia dziɖuɖua be eda Europa Ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ƒe Ðoɖowɔha ƒe Nyati 5 lia (ablɔɖe kple dedienɔnɔ ƒe gomenɔamesi) kple Nyati 9 lia (tamebubu, dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe) dzi esi kpovitɔwo va gblẽ subɔsubɔwɔna aɖe me le zã me le April (Afɔfiɛ) 12, 2006 dzi evɔ mexɔ mɔɖeɖe aɖeke le setɔwo gbɔ hã o.
Le zã ma me la, Yehowa Ðasefowo kpe ta le xexea me godoo le woƒe ƒe sia ƒe ƒe subɔsubɔwɔna aɖe wɔm tsɔ nɔ ŋku ɖom Yesu Kristo ƒe kua dzi. Ðasefowo ƒe hame eve aɖewo siwo le Moscow haya suku aɖe ƒe takpeƒe hena kpekpe tɔxɛ sia eye wokpɔ mɔ be mawusubɔla 400 kple edzivɔwo ava wɔnaa teƒe. Esi kpekpea nɔ edzi yim la, wolɔ kpovitɔ siwo kpea akɔ kple gbɔlɔlawo le woƒe ʋu ewo kple bɔsu eve me va teƒea, wonye Kpovitɔ Tɔxɛ siwo lé tuwo ɖe asi, eye wo dometɔ geɖewo le kpovitɔwo ƒe awu me. Woƒo xlã teƒea kpatakpata, eye wogblẽ subɔsubɔwɔnaa me togbɔ be wometsɔ mɔɖegbalẽ aɖeke fia si fia be woxɔ mɔɖeɖe le setɔwo gbɔ o hã. Woɖe gbe na kpekpea valawo katã be woadzo, eye wotsa le sukutakpeƒea eye wolé ŋutsu 14 le vavalawo dome sesẽe yi ɖatu ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe. Senyala aɖe si Yehowa Ðasefowo kpɔ be wòaʋli yewo ta yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea be yeakpe ɖe Ðasefoawo ŋu. Kpovitɔwo kaa eŋu, lée ƒu anyi, eye wotsɔ hɛ ɖo hlo dzi nɛ, eye wodo ŋɔdzi nɛ be ne eka atse tsɔ nya ɖe yewo ŋu la, nu si adzɔ ɖe eƒe ƒometɔwo dzi la adzi ŋɔ ŋutɔ. Le gaƒoƒo ene kloe megbe la, woɖe asi le ame siwo wolé la ŋu wodzo yi aƒe me.
Aƒetɔ Nikolay Krupko kple Ðasefo etɔ̃ bubu aɖewo tsɔ nya ɖe dziɖuɖumegãwo ŋu le esi wogblẽ woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kpekpea me evɔ womexɔ mɔɖeɖe tso setɔwo gbɔ hafi o kple ale si wolé wo dometɔ aɖewo tu madzemadzee ta. Esi Lyublino Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe kple Moscow-dua Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe gbe woƒe nyawo la, ɖekakpuiawo tsɔ woƒe nyawo yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea le June (Masa) 2007.
Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ le eƒe nyametsotso si wòɖe ɖe go le June (Masa) 26 si ƒe tanyae nye entitled Krupko Kple Ame Bubuwo Kpakple Russia Dziɖuɖua me be: “Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ va yi enuenu be nenye be amewo mebia gbe le dziɖuɖumegãwo gbɔ hafi de wɔna aɖe to me o gɔ̃ hã la, ne wɔna manya nye afɔku na dukɔmeviwo o ko, eye kpovitɔwo gblẽ wɔna ma si wole wɔwɔm le ŋutifafa me me la, womate ŋu abui be enye ‘nu si sɔ be woawɔ le demokrasidukɔ me o.’ . . . Nyametsotso sia gasɔ na nyadzɔdzɔ si le toa me fifia hã ŋutɔ, elabe menye ameha aɖewoe nɔ gota wɔ hoo wɔm o, ke boŋ mawusubɔsubɔ ƒe kpekpe vevi aɖe si wonɔ wɔwɔm le ŋutifafa me eye kpekpea delawo meɖea fu na ame aɖeke o alo de zitɔtɔ dukɔa me o lae. Ale si kpovitɔ gbogbo aɖewo bla aʋakpa va gblẽ kpekpea me helé nyaa tɔawo tu gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ la gbɔ eme nenye be ale si dziɖuɖumegãwo le egblɔm be nyaa tɔawo mebia gbe le yewo gbɔ hafi le kpekpeawo wɔm o eye esia wɔe be woƒe wɔnaa mele se nu o la le eteƒe gɔ̃ hã.”
Esiae nye ʋɔnu enelia si wodrɔ̃ Russia dziɖuɖua le afɔkpotutu Yehowa Ðasefowo ƒe gomenɔamesiwo ta. Le ʋɔnu si wodrɔ̃ le ƒe 2007 me si ƒe tanyae nye Kuznetsov Kple Ame Bubuwo Kpakple Russia Dziɖuɖua me la, Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Russia dziɖuɖua be eda Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe se dzi esi dziɖuɖumegãwo trɔ megbe de sea yi ɖagblẽ Ðasefo tokunɔ aɖewo siwo le Chelyabinsk ƒe kpekpe aɖe me ta. Le ƒe 2010 me la, Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Russia dziɖuɖua le nyadɔdrɔ̃ si nye Yehowa Ðasefo Siwo Le Moscow Kple Russia Dziɖuɖua me. Nya sia ku ɖe ale si Moscow-dua ƒe Ʋɔnudrɔ̃la Amesamala trɔ sea ta tu heɖo asi Ðasefoawo ƒe dɔwɔha nɔsenu si le Moscow dzi la ŋu. Le ƒe 2013 me la, Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me le nyadɔdrɔ̃ si nye Avilkina Kple Ame Bubuwo Kpakple Russia Dziɖuɖu la ŋu. Nya sia ya ku ɖe ale si St. Petersburg ƒe Ʋɔnudrɔ̃la Amesamala ɖe gbe be woaʋu go lãmesẽ ŋuti nyatakaka ɣaɣlawo ta.
Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa gaɖo kpe edzi geɖe wu be Russia dziɖuɖua le Russia-dukɔa ƒe Dukplɔsea dzi dam le agbagba siwo dzem wòle be yeaxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefo siwo le Russia ƒe dɔa nu ta.