Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH 3, 2014
RUSSIA

Ale Si Nyaa Va Yii: Agbagba Si Wodze Be Woaxe Mɔ Ðe JW.ORG Nu Medze Edzi O

Ale Si Nyaa Va Yii: Agbagba Si Wodze Be Woaxe Mɔ Ðe JW.ORG Nu Medze Edzi O

ST. PETERSBURG, Russia—Yehowa Ðasefowo ɖu dzi gã aɖe le ʋɔnudrɔ̃nya aɖe me le January 22, 2014 dzi, esi nyagbugbɔdrɔ̃ƒea te fli ɖe nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔ ƒe nyametsotso be woaxe mɔ ɖe jw.org, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒea nu le Russia-dukɔa me godoo.

Tver Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe te fli ɖe Tsentralniy nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔ ƒe nyametsotsoa me le August 7, 2013 dzi. Tver Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea de dzesii be nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔa ƒe nyametsotso be woaxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒea nu mele se nu o, elabena womeɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo, ame siwo tɔ nyatakakadzraɖoƒe sia nye la be woakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃a teƒe o. Nutoa me ʋɔnudrɔ̃la amesamala si le Tver tsɔ nya ɖe jw.org nyatakakadzraɖoƒea ŋu be agbalẽ siwo Russia dziɖuɖua tso nya me be wodea “aglãdzedze ƒe dzi ƒo” la le edzi. Esi Yehowa Ðasefowo nya se nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔ ƒe nyametsotsoa ko la, woɖe agbalẽ siwo ŋu nyaa ku ɖo la le jw.org si amewo ʋuna le Russia la dzi. Tver Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea ɖo kpe edzi be Ðasefoawo wɔ ɖe Russia ƒe sewo dzi eye wòte fli ɖe mɔxexe ɖe woƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe nyametsotsoa me.

Yehowa Ðasefowo meda asi ɖe ale si Russia ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖewo bua woƒe agbalẽ aɖewo be wodea “aglãdzedze ƒe dzi ƒo” la dzi o, eye woŋlɔ nutsotso geɖe yi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea be wòate fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒeawo ƒe nutsotsoawo me.

Aƒetɔ Grigory Martynov, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Russia, gblɔ be: “Enye dzidzɔ na mí be ʋɔnudrɔ̃lawo kpɔ vi si gbegbe míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ɖena na amewo kple agbagba gbogbo siwo míedze be míawɔ ɖe Russia ʋɔnudrɔ̃ƒewo ƒe nyametsotsowo dzi la dze sii. Míayi edzi aʋli míaƒe agbalẽwo ƒe vavãnyenye ta eye míaʋli gome si le Russiatɔwo si be Biblia-fiafiadɔ si wɔm míele naɖe vi na wo bliboe la hã ta.”

Aƒetɔ J. R. Brown si nye Ðasefoawo ƒe nyanuɖela le woƒe dɔwɔƒegã gblɔ be: “Dzi le Ðasefo siwo le xexea me godoo la dzɔm ɖe dziɖuɖu sia ta. Ale si míeɖu dzi le ʋɔnunya sia me na mɔnukpɔkpɔ Russiatɔwo katã be woayi edzi anɔ nyatakaka siwo le nyatakakadzraɖoƒe sia la zãm faa.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Russia: Grigory Martynov, tel. +7 812 702 2691