Dzo kpo yi emenuwo dzi

DECEMBER (DZOME) 2, 2015
RUSSIA

Taganrog Ʋɔnudrɔ̃ƒea He To Na Ðasefowo Ðe Woƒe Mawusubɔsubɔdɔwo Ta

Taganrog Ʋɔnudrɔ̃ƒea He To Na Ðasefowo Ðe Woƒe Mawusubɔsubɔdɔwo Ta

Le November (Adeɛmekpɔxe) 30, 2015 dzi la, Ʋɔnudrɔ̃la Vasyutchenko bu fɔ Yehowa Ðasefo 16 siwo ƒe nya drɔ̃m wole le Taganrog la katã ɖe woƒe mawusubɔsubɔdɔwo ta, gake eɖo asi tohehea dzi gbɔ. Ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe ame siwo wobu fɔe la dzi? Nu kawoe nyametsotso sia ate ŋu ahe va Yehowa Ðasefo siwo le Taganrog kple Russia ƒe nuto bubuwo me dzi? Video sia ku ɖe nyametsotso sia kple ʋɔnudɔdrɔ̃ legbee sia ŋu nyawo ŋu.