Dzo kpo yi emenuwo dzi

RUSSIA

Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le Russia

Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le Russia
  1. MAY 5, 2018—Saint Petersburg City Ʋɔnudrɔ̃ƒea da asi ɖe afiatsotso si ɖe mɔ be Dziɖuɖua naxɔ Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔƒe Si Le Russia la dzi

    XLẼ EŊUNYA BUBUWO

  2. JULY 17, 2017—Russia Dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Nyagbugbɔgadrɔ̃ƒea de April 20 Ƒe Nyametsotsoa dzi. Tso ema dzi la, megale se nu be ame nanye Yehowa Ðasefo le Russia o

    XLẼ EŊUNYA BUBUWO

  3. APRIL 20, 2017—Russia Dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ɖo asi Yehowa Ðasefo siwo le Russia ƒe dɔwo dzi

    XLẼ EŊUNYA BUBUWO

  4. NOVEMBER 30, 2015—Esi wogakplɔ Ðasefo wuiadeawo yi ʋɔnui la, wotso afia be wo katã woɖi fɔ elabe woƒo wo ɖokuiwo ɖe woƒe subɔsubɔ ƒe wɔnawo me. Ʋɔnudrɔ̃laa tso nya me be ne womedzudzɔ o la, woalé wo atu

    XLẼ EŊUNYA BUBUWO

  5. DECEMBER 2, 2014— Russia Dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ɖo asi Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org dzi

    XLẼ EŊUNYA BUBUWO

  6. JULY 30, 2014—Esi wokplɔ Ðasefo wuiade yi ʋɔnu le Taganrog la, wotso afia be wo dometɔ adre ɖi fɔ elabe woƒo wo ɖokui ɖe woƒe subɔsubɔ ƒe wɔnawo me

    XLẼ EŊUNYA BUBUWO

  7. JUNE 10, 2010—Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso afia be dziɖuɖua tu afɔkpo Ðasefowo ƒe gomenɔamesiwo dzi esi wòɖo asi Yehowa Ðasefowo Ƒe Ƒuƒoƒo Si Le Moscow la dzi

  8. SEPTEMBER 11, 2009—Rostov Ʋɔnudrɔ̃ƒegã tso afia be Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ 34 dea dzi ƒo na amewo be woadze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu

  9. ƑE 2009—Russia ƒe setɔwo va nɔ Dukɔa Ƒe Se Hena Aglãdzenuwɔnawo Nu Tsitsi la ŋu dɔ wɔm madzemadzee tsɔ nɔ Ðasefowo yome tim

  10. MARCH 26, 2004—Dziɖuɖua ɖo asi Yehowa Ðasefowo Ƒe Ƒuƒoƒo Si Le Moscow dzi

  11. MARCH 1996—Wokɔ Yehowa Ðasefowo ŋuti be dziɖuɖua ti wo yome madzemadzee togbɔ be womeɖi fɔ hafi o

  12. DECEMBER 11, 1992—Russia Dukɔa de Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa agbalẽ me le se nu

  13. MARCH 27, 1991—Soviet Union dziɖuɖua de Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa agbalẽ me le se nu

  14. OCTOBER 1965—Dziɖuɖua ƒe mɔxeɖenuwo kple yometiti dzi ɖe kpɔtɔ vie

  15. APRIL 1951—Woɖe aboyo Ðasefo siwo ade 9,500 tso Soviet dukɔ ade me yi Siberia

  16. ƑE 1928—Dziɖuɖua meda asi ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo nanye subɔsubɔha si le se nu o; tso ema dzi la, woti wo yome ƒe geɖe

  17. ƑE 1891—Wokplɔ Russia Ðasefo gbãtɔ yi aboyo me le Siberia

  18. ƑE 1887—Zi gbãtɔ si woɖo Gbetakpɔxɔ ɖe Russia to posu dzi, le nuŋlɔɖiawo nu