Dzo kpo yi emenuwo dzi

NOVEMBER 28, 2014
RUSSIA

Yehowa Ðasefo Aɖewo Bia Be Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe Nagbugbɔ Nya Adrɔ̃ Na Yewo—Woaɖe Asi Le Wo Ŋua, Alo Woade Wo Gaxɔ Me?

Yehowa Ðasefo Aɖewo Bia Be Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe Nagbugbɔ Nya Adrɔ̃ Na Yewo—Woaɖe Asi Le Wo Ŋua, Alo Woade Wo Gaxɔ Me?

Le December 11, 2014 la, Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea adrɔ̃ nya si wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefo 16 ŋu le Taganrog le Russia be wonye nu vlo wɔlawo la. Wotsɔ nya ɖe wo ŋu be wowɔa ɖoɖo ɖe subɔsubɔkpekpe siwo yia edzi le ŋutifafa me ŋu hekpɔa gome le wo me.

Nya blibo la dze egɔme le ƒe 2011 me, esime dumegãwo na wotsa Yehowa Ðasefowo ƒe aƒewo me ŋkubiãtɔe eye wolé woƒe kpekpewo me wɔnawo ɖe mɔ̃ dzi le adzame. Wonɔ te ɖe esiawo dzi tsɔ nya ɖe wo ŋu. Esi wodrɔ̃ nya siawo ɣleti 15 megbe la, Taganrog Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Yehowa Ðasefo adre le July 30, 2014 dzi. Ʋɔnudrɔ̃la la do fe gã aɖe na Ðasefo adreawo katã, eye wòbu fɔ wo dometɔ ene be woanɔ gaxɔ me hena ɣeyiɣi didi aɖe, gake eya ŋutɔ gate fli ɖe fe si wòdo na wo la me enumake eye wòɖo asi woƒe gaxɔmeyiyia hã dzi gbɔ. Ʋɔnudrɔ̃laa ɖe asi le Ðasefo asieke ŋu le esi amenutsolawo mezɔ ɖe ɖoɖoawo dzi le nyaa gbɔ kpɔkpɔ me o ta, gake ete tɔ ɖe edzi be woƒe nuwɔnawo de aglãdzedze ƒe dzi ƒo. Ðasefo 16 siawo katã bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na yewo eye woate fli ɖe nutsotso si nye be yewonye nu vlo wɔlawo la me.

Ʋɔnudrɔ̃la amenutsola hã bia be woagbugbɔ nya la adrɔ̃ na yewo. Ebia be Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea nade Ðasefo ene siwo xɔa ŋgɔ le woƒe hamea me la gaxɔ me va se ɖe esime wodrɔ̃ nya la, eye wòbia be woade wo gaxɔ me ne wowu nyadɔdrɔ̃a nu. Ebia hã be ʋɔnudrɔ̃ƒea nate fli ɖe nyametsotso si ʋɔnudrɔ̃laa wɔ be woaɖe asi le ame asiekeawo ŋu la me eye woabu fɔ wo be wole gome kpɔm le nuwɔna siwo dea “aglãdzedze ƒe dzi ƒo” me.

Vasily Kalin, si nye Yehowa Ðasefo siwo le Russia ƒe Dɔdzikpɔƒea ƒe teƒenɔla gblɔ be: “Míele mɔ kpɔm be Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea akpɔe be ame 16 siawo siwo ƒe mawusubɔsubɔ nu wole mɔ xem ɖo la to nu geɖe me xoxo madzemadzee, eya ta ele be woaɖe asi le wo ŋu eye woate fli ɖe nya si wotsɔ ɖe wo ŋu be wonye nu vlo wɔlawo la me.”