Dzo kpo yi emenuwo dzi

JULY 4, 2014
RUSSIA

Wole Ʋɔnu Drɔ̃m Yehowa Ðasefowo Le Taganrog

Wole Ʋɔnu Drɔ̃m Yehowa Ðasefowo Le Taganrog

Wokpɔtɔ le nya si wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefo 16 ŋu le Taganrog le Russia be wonye nu vlo wɔlawo la drɔ̃m va ɖo July 2014 si nye ɣleti 14 lia me. Le nyaa drɔ̃ɣi la, wodzro nu 60 kple edzivɔ siwo wobe wonye kpeɖodziwo me. Kpeɖodzi siawo ƒe akpa gãtɔ nye subɔsubɔwɔnawo, gbedodoɖawo kple Biblia-xexlẽ siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi. Subɔsubɔwɔna siawo ke ko Yehowa Ðasefowo wɔna le xexea me godoo.

Yehowa Ðasefo siwo nu wotso kple wo nɔvi 800 bubu siwo le Taganrog ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe le afɔku me. Ðasefo 16 ɖi ɖase be yewomagbe nu le yewoƒe xɔse gbɔ o eye yewoayi edzi anye Yehowa Ðasefowo eɖanye aleke kee ʋɔnudrɔ̃nyawo va yi o.

Ame siwo nu wotso kple ale si senyala siwo ʋli wo ta dze agbagba be yewoakpɔ woƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe xɔasia ta ale be woate ŋu ayi woƒe subɔsubɔa dzi togbɔ be wotso wo nu be wonye nu vlo wɔlawo hã la dze le video sia me.