Dzo kpo yi emenuwo dzi

JULY 31, 2014
RUSSIA

Taganrog Ʋɔnudrɔ̃ƒea Bu Fɔ Yehowa Ðasefowo Ðe Woƒe Xɔse Ta

Taganrog Ʋɔnudrɔ̃ƒea Bu Fɔ Yehowa Ðasefowo Ðe Woƒe Xɔse Ta

Le July 30, 2014 dzi la, Taganrog Dua ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe bu fɔ Yehowa Ðasefo 16 siwo wole ʋɔnu drɔ̃mee dometɔ 7 ɖe mawusubɔsubɔ ƒe kpekpe siwo yia edzi le ŋutifafa me la dede ta heɖoe be yewoade wo gaxɔ me. Nu si tae wotsɔ nya ɖe wo ŋu ɖo lae nye be wole gome kpɔm le mawusubɔsubɔdɔwo me, evɔ dɔ siawo ke koe wo nɔvi Yehowa Ðasefowo katã le wɔwɔm le xexea me godoo. Fɔbubu sia nye afɔku gã aɖe na Yehowa Ðasefowo le Russia godoo, elabe woate ŋu anɔ te ɖe edzi axe mɔ ɖe woƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe nu le dukɔa me.

Ʋɔnudrɔ̃laa ɖoe be yeaɖe gbeƒã nyametsotsoa le July 28, 2014 dzi, gake eglii da ɖe ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Le July 29 dzi la, ʋɔnudrɔ̃laa xlẽ axa 100 ƒe agbalẽ si me nyametsotsoa le la ŋkeke bliboa va de asi na July 30 ƒe ŋdi. Ebu fɔ woƒe hamemetsitsi ene be woanɔ gaxɔ me ƒe atɔ̃ va se ɖe ƒe atɔ̃ kple afã eye edo fe na wo hã be woaxe ga home ruble 100,000 (Amerika dɔlar 2,800). Edo fe na Yehowa Ðasefo etɔ̃ bubuwo dometɔ ɖe sia ɖe be wòaxe ruble 50,000 va se ɖe ruble 60,000 (Amerika dɔlar 1,400 va se ɖe Amerika dɔlar 1,700). Gake ʋɔnudrɔ̃laa te fli ɖe fe si wodo na Ðasefoawo la me, elabena ɣeyiɣi si nyaa gɔme kuku kple ʋɔnudɔdrɔ̃a xɔ la gbɔ ɣeyiɣi si sea gblɔ la nu eye wòɖo asi woƒe gaxɔmeyiyia hã dzi gbɔ. Wotso afia na Ðasefo asieke mamlɛawo be womedze agɔ o.

Ʋɔnudrɔ̃laa nɔ te ɖe nya si me Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso le September 2009 be yewoaɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe Taganrog Nutome Subɔsubɔhabɔbɔa ƒe dɔwɔwɔ dzi le eƒe nyametsotso sia me. Togbɔ be Ðasefowo ƒe habɔbɔ si le se nu la ŋu koe ƒe 2009 ƒe nyametsotsoa ku ɖo hã la, ʋɔnudrɔ̃la sia gblɔ be woaɖo asi Yehowa Ðasefo siwo le Taganrog kple nuto siwo ƒo xlãe me la ƒe mawusubɔsubɔdɔwo dzi.

Le kodzoɖoɖo sia si xɔ ɣleti 15 sɔŋ me la, Ðasefo siwo ŋu wotsɔ nya ɖo la ɖi ɖase be yewomagbe nu le yewoƒe xɔse gbɔ o eye yewoayi edzi anɔ mawusubɔsubɔdɔ siwo Yehowa Ðasefowo wɔna la wɔm. Gake ale si Ðasefo siawo ɖoe be yewomadzudzɔ yewoƒe mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ o la, ate ŋu ana be woade wo gaxɔ me be wonye sedzidala sẽtowo.

Victor Zhenkov, si nye senyala siwo ʋlia wo ta la dometɔ ɖeka la, gblɔ be: “Nyametsotso sia na mevɔ̃ na nu si ava dzɔ ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le Russia. Setɔ siwo le Taganrog kple Russia bliboa ate ŋu azã nyametsotso sia le fuɖeɖe na Yehowa Ðasefowo kple wo yome titi si wotsɔ ɖo dɔe la wɔwɔ me eye woate ŋu ade wo gaxɔ me ɖe woƒe mawusubɔsubɔdɔwo dzaa ɖeɖe wɔwɔ ta.”

Yehowa Ðasefo siwo le Taganrog tsɔ nya la yi Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe be woagbugbɔe adrɔ̃e na yewo.