Dzo kpo yi emenuwo dzi

APRIL 22, 2014
RUSSIA

Wotsɔ Nya Ðe Russiatɔ Aɖewo Ŋu Le Woƒe Dzixɔsewo Ta Be Wonye Nu Vlo Wɔlawo

Wotsɔ Nya Ðe Russiatɔ Aɖewo Ŋu Le Woƒe Dzixɔsewo Ta Be Wonye Nu Vlo Wɔlawo

Wole ʋɔnu drɔ̃m Yehowa Ðasefo * 16 le Taganrog be wonye nu vlo wɔlawo le esi wokpɔa gome le woƒe subɔsubɔkpekpewo me eye woƒoa nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu na amewo ta. Esiae nye zi gbãtɔ nu sia tɔgbi dzɔ le egbegbe Russia. * Ne wobu fɔ wo le ʋɔnua la, ke woado fe na wo be woaxe home si akɔ mo dzi va se ɖe ruble 300,000 (Amerika-dɔlar 10,000) alo be woade wo gaxɔ me ƒe agbɔsɔsɔme aɖe va se ɖe ƒe enyi le go aɖewo me. Wode se na Ðasefo 16-awo be womegadzo le Taganrog o va se ɖe esime ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me.

Mɔxexe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe nu le Taganrog dze egɔme le June 2008 me esi Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe amesamalaa tsɔ nya ɖe Ðasefowo ŋu le ʋɔnu kple susu be yeana woaɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe Habɔbɔ si le Taganrog ƒe dɔwɔnawo dzi. Egblɔ be nya siwo dzena le Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔgbalẽwo me la nye aglãdzenyawo. Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea da asi ɖe ʋɔnudrɔ̃la amesamalaa ƒe nyawo dzi, eye le December 8, 2009 dzi la, Russiatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ hã da asi ɖe Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa dzi.

Le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotsoa megbe la, dziɖuɖumegã siwo le nutoa me na woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata (tadeaguƒe) si le Taganrog la dzi, si wɔe be Ðasefoawo va te woƒe kpekpewo wɔwɔ le aƒewo me. Ʋɔnudrɔ̃ƒea de se hã be dziɖuɖumegãwo nabu Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ 34 be wonye Agbalẽ Siwo Dea Aglãdzedze Ƒe Dzi Ƒo. Yehowa Ðasefowo meda asi ɖe nyametsotso sia dzi o, eya ta wotsɔ nyaa yi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea be woatso afia dzɔdzɔe na yewo.

Taganrog dziɖuɖumegãwo tsɔ ʋɔnudrɔ̃ƒeawo ƒe nyametsotsowo ɖo ŋgo ɖe fu na Ðasefoawo hesẽ ŋuta le wo ŋu. Le ƒe 2011 me la, kpovitɔ aɖewo ge ɖe Ðasefo 19 ƒe aƒewo me le ŋdi kanyaa ga 6, wonyɔ ƒomewo le aba dzi, amegãɖeɖiwo kple nyagãɖeɖiwo kpakple ɖeviwo siaa le wo me, eye wodi agbalẽ siwo wobuna be wodea aglãdzedze ƒe dzi ƒo la gaƒoƒo 8 va se ɖe gaƒoƒo 11 sɔŋ. Kpovitɔ siawo xɔ subɔsubɔgbalẽ ɖe sia ɖe le Ðasefoawo si ameŋumabumabutɔe, eye wolɔ woƒe nunɔamesi aɖewo hã dzoe. Nutoa me dziɖuɖumegãwo yi ɖaɖe video Ðasefowo ƒe subɔsubɔwɔnawo kple ame ɖekaɖekawo le Ðasefowo ƒe kpekpewɔƒewo le adzame ale be yewoatsɔ adi nya na wo. Taganrog dziɖuɖumegãwo ƒe nuwɔna siawo va zu kpo le megbe na dukɔmeviwo si na be woawo hã te fuɖeɖe na Yehowa Ðasefowo hele ŋuta sẽm le wo ŋu le Russia godoo. *

Woda asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔha dzi le xexea me godoo. Russia Ƒe Dukplɔse kple Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ðoɖo ɖe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu na amewo. Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔwo le xexea me godoo da asi ɖe edzi be mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe sia le Yehowa Ðasefowo si. Gake dziɖuɖumegã siwo le Taganrog ƒe nuwɔnawo na wòdze abe ɖe Ðasefowo medze na gome sia o ene.

Womekpɔ tso nya me le ʋɔnu si drɔ̃m wole Ðasefowo be wonye nu vlo wɔlawo la ŋu haɖe o, eye wole mɔ kpɔm be woatso nyaa me mlɔeba le May me le nyataƒonya mamlɛawo sese vɔ megbe. Ne ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be woade Ðasefo 16 mawo gaxɔ me la, ke Yehowa Ðasefo 800 kple edzivɔ siwo le Taganrog la ƒe ablɔɖe aɖo afɔku me. Eye Russia ƒe nuto bubuwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo hã ate ŋu awɔ nyametsotso ma ŋu dɔ le nya siwo wotsɔ ɖe Ðasefowo ŋu la dɔdrɔ̃ me.

Grigory Martynov, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela si le Russia, gblɔ be: “Afɔkpotutu mawusubɔsubɔblɔɖe le mɔ sia nu mesɔ o. Yehowa Ðasefowo menye ŋɔdzinu na dukɔmeviwo ƒe nuteƒewɔwɔ na Russia Dukɔa kple eƒe dedienɔnɔ o. Wole ŋuta sẽm le wo ŋu hele ʋɔnu drɔ̃m wo le esi wonye Yehowa Ðasefowo ta ko.”

^ mm. 2 Ðasefo 16-awo dometɔ 10 koe dze le nɔnɔmetata me.

^ mm. 2 Russiatɔwo ƒe dziɖuɖumegãwo nɔ te ɖe Russia Dukɔa Ƒe Nu Vlo Wɔwɔ Ƒe Se ƒe nyati 282.2(1) kple (2) dzi tsɔ nya ɖe Ðasefo 16 ŋu le ƒe 2012 me. Nyati siawo ɖe mɔ be woate ŋu ade ame gaxɔ me va se ɖe ƒe etɔ̃. Wonɔ te ɖe Nu Vlo Wɔwɔ Ƒe Se ƒe nyati 150(4) dzi bu fɔ hame ene aɖewo ƒe ŋgɔxɔlawo, eye esia ate ŋu ana woade wo gaxɔ me ƒe atɔ̃ va se ɖe ƒe enyi.

^ mm. 5 Tso December 8, 2009 dzi, esime Russiatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ bu fɔ Yehowa Ðasefowo ko la, kpovitɔwo lé Ðasefo 1,600 kple edzivɔ eye woxe mɔ ɖe woƒe mawusubɔsubɔgbalẽ 70 kple edzivɔ siwo wogblɔ be wodea “aglãdzedze ƒe dzi ƒo” la nu, woge ɖe Ðasefowo ƒe aƒewo kple tadeaguƒe siwo wu 171 me akpasesẽtɔe hetsa wo me, eye woyi ɖade zitɔtɔ woƒe subɔsubɔwɔna 69 me.