Dzo kpo yi emenuwo dzi

JUNE 1, 2015
RUSSIA

Woatso Nya Me Le Ʋɔnunya Aɖe Ŋu Kpuie Le Taganrog

Woatso Nya Me Le Ʋɔnunya Aɖe Ŋu Kpuie Le Taganrog

Wogadze ʋɔnudɔdrɔ̃ Yehowa Ðasefo 16 siwo wodrɔ̃ ʋɔnu le Taganrog si le Russia va yi la gɔme le February 2015 me, eye wole edzi ɣleti atɔ̃ sɔŋue nye esia. Wobe woalé Ðasefoawo de ga ahado fe gbogbo aɖewo na wo le esi wole woƒe xɔsedɔwo wɔm la ɖeɖe dzaa ko ta.

Nyadɔdrɔ̃ gbãtɔ dze egɔme le May 13, 2013 dzi esi wotso wo nu be wole gome kpɔm le dɔwɔna siwo dea aglãdzedze ƒe dzi ƒo la me. Ʋɔnudrɔ̃ƒea do fe na Ðasefo adre eye wòtso nya me be woalé wo dometɔ ene aɖewo ade ga ƒe gbogbo aɖewo, gake ʋɔnudrɔ̃laa ɖo asi woƒe gameyiyia dzi gbɔ. Gake ʋɔnudrɔ̃la amesamalaa ya bia be woagbugbɔ nya la adrɔ̃. Le December 12, 2014 dzi la, nyagbugbɔdrɔ̃ƒe la ɖe gbe be woagbugbɔ nya la adrɔ̃. Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be nyagbugbɔgadrɔ̃ sia awu enu le June ƒe nuwuwu.