Dzo kpo yi emenuwo dzi

FEBRUARY 11, 2013
RUSSIA

“Mímegale Ƒe 1937 Me O”

“Mímegale Ƒe 1937 Me O”

Le April 16, 2012 dzi le Perm-du si le Russia ƒe titina me la, wodo fe na Aleksandr Solovyov si nye Yehowa Ðasefo be wòaxe ga home ruble 1,000 (si ade Amerika dɔlar 30) ɖe ‘subɔsubɔwɔna si ŋu womeɖe mɔ ɖo o wɔwɔ’ le akpata aɖe si wohaya me ta.

Nutomeʋɔnudrɔ̃laa te fli ɖe fɔ si wobu Solovyov la me esi wòɖo to nyuie se “nya siwo wotsɔ ɖe eŋu” le ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔ la vɔ, eye wòte fli ɖe fe si wodo nɛ hã me.

Ʋɔnudrɔ̃laa xlẽ eƒe nyametsotsoa eye wòtrɔ ɖe ɖasefo si wòtso afia na la ŋu gblɔ be: “Togbɔ be wotrɔ nya dzɔdzɔe ƒe ta tu eye nyadrɔ̃la aɖewo bu fɔ wò le esi wolé fu mi ta hã la, mímegale ƒe 1937 me esime wotea ŋu ŋea aɖaba ƒua nyateƒenya siwo dze kɔtɛe la dzi bɔbɔe o. Miaƒe nufiafiadɔ nena míaƒe dukɔmeviwo nanɔ agbe dzadzɛ nɔm ahanɔ nu dzɔdzɔe wɔm geɖe wu.”

Le July 1937 me la, Soviet dziɖuɖua ƒe akpasesẽdziɖula Stalin de Se 00447, si na nu dziŋɔwo wɔwɔ ƒe ɣeyiɣi aɖe dze gɔme. Woléa ame siwo wobu be woƒe susu mewɔ ɖeka kple dziɖuɖua tɔ o hedrɔ̃a ʋɔnu manyatalenu wo. Dziɖuɖu ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be woɖo ame akpe geɖewo ɖe gaxɔ siwo me wowɔa dɔ sesẽ le me eye wobu fɔ ame 300,000 kple edzivɔwo hetso kufia na wo.